Jump to content

Nana Akufo-Addo

Tso Wikipedia
Dukplɔla xoxo Nana Addo Dankwa Akufo-Addo

Willliam Nana Addo Dankwa Akufo-Addo (29 Tedoxe 1944) nye Ghana senyala kple dunyahela si do ƒome kple New Patriotic Party (NPP) si va zu Ghana ƒe dukplɔla le January 2017. Wogatiae le ƒe 2020 me eye wònɔ dɔ wɔm vaseɖe January Ƒe 2025 me[1].

Akufo-Addo enye Ghana ƒe Sewodzikpɔla gãtɔ tso 2001 vaseɖe 2003 eye wò ga nye Ghana ƒe Dutanyawodzikpɔla tso 2003 vaseɖe 2007 le Dukplɔla John Kufuor te.[2] Habɔbɔ si ɖo eƒe ŋkɔ ɖe ŋgɔ na dziɖuɖu enye National Patriotic Party.

Ðevimenɔɣi kple Sukudede

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Akufo-Addo eye wonyii le Accra, enye Edward kple Adeline Akufo-Addo ƒe viŋutsu[1][3]. Exɔ eƒe gɔmedzesuku le Accra, eye wòde Dziɖuɖu Ŋutsuviwo ƒe Suku gbã eye emegbe wòde Rowe Road Suku. Akufo-Addo yi United Kingdom hena eƒe sekɛndrisuku, eye wòsrɔ̃ nu le Lancing College (ƒe 1957–61)[4]. Etrɔ gbɔ va aƒe le Ghana eye le ƒe 1964 me la, edze Ghana Yunivɛsiti dede gɔme, eye wòwu suku nu kple gaŋutinunya ƒe ɖaseɖigbalẽ le ƒe 1967 me[5]. Akufo-Addo trɔ yi UK be yeasrɔ̃ senyawo eye woyɔe be wòava senyalawo ƒe dɔwɔƒe le England (Middle Temple) le ƒe 1971 me eye le Ghana le ƒe 1975[6]. Emegbe etrɔ yi Ghana eye tso ƒe 1975 va ɖo ƒe 1979 me la, ewɔ dɔ le UV Campbell ƒe dɔwɔƒe. Le ƒe 1979 me la, ewɔ ɖeka ɖo senyawo gbɔ kpɔƒe si nye Akufo-Addo, Prempeh & Co[1].

  1. 1.0 1.1 1.2 https://www.britannica.com/biography/Nana-Addo-Dankwa-Akufo-Addo
  2. Nana Addo Dankwa Akufo-Addo Profile, Axa sia tso GhanaWeb; Wotsɔe 14 Tedoxe 2018
  3. "Archive copy". Archived from the original on 2023-06-09. Retrieved 2025-01-23. 
  4. OL Elected President of Ghana, Axa sia tso: Lancing College, Oxford; wo ŋlɔe:22 Dzome 2016; wo tsɔe: 14 Tedoxe 2018
  5. https://web.archive.org/web/20221119061317/https://mfa.gov.gh/index.php/address-delivered-on-behalf-of-the-president-of-the-republic-nana-addo-dankwa-akufo-addo-by-the-minister-for-foreign-affairs-and-regional-integration-hon-shirley-ayorkor-botchway-at-the-89th-spee/
  6. http://www.manassehazure.com/2016/10/prof-kwaku-asare-writes-nana-akufo-addo-no-law-degree/
   Ghana dukplɔlawo

Kwame Nkrumah • Joseph Ankrah • Akwasi Afrifa • Nii Amaa Ollennu • Edward Akufo-Addo • Ignatius Kutu Acheampong • Fred Akuffo • Jerry Rawlings • Hilla Limann • Jerry Rawlings • John Kufuor • John Atta Mills • John Mahama • Nana Akufo-Addo

Akufo-Addo srɔ̃ etɔ̃lia kple srɔ̃a fifia, Rebecca Akufo-Addo

Akufo-Addo tso Akropong-Akuapem kple Kyebi le Ghana ƒe Ɣedzeƒe Nutowome eye eƒe ƒomea ƒe akpa evea siaa nye Presbyteriatɔwo . Esrɔ̃e nye Rebecca Akufo-Addo (si wodzi Griffiths-Randolph), si nye ʋɔnudrɔ̃la Jacob Hackenburg Griffiths-Randolph, Ghana Sewɔtakpekpe ƒe kplɔla le Dukɔ Etɔ̃lia ƒe ɣeyiɣia me ƒe vinyɔnu. [1] Akufo-Addo ɖe srɔ̃ eve va yi hafi ɖe Rebecca. Akufo-Addo ƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ kple Remi Fani-Kayode, si nye Nigeriatɔ eye wòganye Aƒetɔ Remilekun Fani-Kayode ƒe vinyɔnu, wu enu kple srɔ̃gbegbe. Eƒe srɔ̃ɖeɖe si kplɔe ɖoe nye Eleanor Nkansah-Gyamenah, si nye Ghanatɔ, wu enu esi wòku le ƒe 1993.

Vinyɔnuvi etɔ̃ kple atsikɔ̃mevi ɖeka le Akufo-Addo si: Gyankroma, Edwina, Adriana, Yeboakua kple Valerie. Virginia Hesse nye vianyɔnuvi ɖeka dada. Akufo-Addo ye tiae be wòanye Ghana ƒe Dudɔnunɔla le Czech Republic le eƒe dziɖuɖu ƒe zimenɔɣi gbãtɔ me. Eƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ kple Remi la, wodzi vinyɔnuvi eve nɛ eye eƒe srɔ̃ɖeɖe evelia kple Eleanor dzi vinyɔnuvi deka nɛ. Eƒe srɔ̃ɖeɖe kple Rebecca na wòkpɔ atsikɔ̃mevi si Rebecca dzi le ƒomedodo aɖe me va yi. Nɔvinyɔnu aɖe le Akufo-Addo si si woyɔna be Madam Marigold si ƒe ŋkɔe nye Abrewatia Nana Abena Oye.

  1. . ISBN John S. Pobee Check |isbn= value (help).  Missing or empty |title= (help)