Jerry Rawlings

Tso Wikipedia

Jerry John Rawlings si wodzi Masa 22, 1947 me, enye Ghana dukplɔla zi eve sɔŋ. Etrɔ megbe le Adeɛmekpɔxe 12, 2020 me. Woyɔe be Jeremiah Rawlings John le eƒe ɖevi me. Eƒe dziɖuƔi gbãtɔ nɔ ƒe 1979 me eye evelia dze egɔme tso Dzome 31, 1981 vaseɖe Dzove 7, 2001.

Eƒe ƒometɔwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Rawlings tɔ ŋkɔ enye James Ramsay John, amesi tso Scotland le United Kingdom. Eya kple srɔ̃a Maria tso Scotland va wɔ dɔ le United Africa Company (UAC) le Gɛ̃. Nɔa enye Aƒenɔ Victoria Agbotui tso Dzelukoƒe, si te ɖe Keta ŋuti le Vɔlta nutome. Rawlings ɖe Nana Konadu Agyeman si nye Asanteawo. Wodzi vi ene, nyɔnuvi etɔ̃ kple ŋutsuvi ɖeka.

Eƒe suku dede kple dɔ sɔsrɔ̃[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Rawlings tɔ mekpɔ edzi le eƒe ɖevi me o eyata ezu nɔa ƒe agbe to eƒe suku dede katã me. Ede Achimota School, si nye Ghana ƒe suku deŋgɔwo dometɔ ɖeka. Esi wodo le Achimota School la, eyi dɔsrɔ̃ƒe le Ghana yamesrafowo gbɔ. Wofiae yameʋukuku. Rawlings va nya yameʋuawo kuku alegbegbe be wonae Speed Bird dzesigbalẽ le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu.

Asrafo dɔ wɔwɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le Tedoxe 1968 me la, wo ɖo Rawlings ɖe Takoraɖi le Ɣetoɖoƒe nutome. Ewu eƒe nusɔsrɔ̃ nu le Dzove 1969 me. Wo de bubu eŋu kpakple dzesi si woyɔna be "Speed Bird Trophy" le alesi wò bi ɖe ayameʋu kuku me ta. Edze dɔ gɔme abe Pilot Officer ene. Le Afɔfiɛ 1978 me la, woɖoe "Flight Lieutenant" le ayamesrafowo me. Le Damɛ 1979 me la, Rawlings kple xɔ̃a asrafoaɖewo dze aglã ɖe dukɔkplɔlawo ŋuti. Woƒe nya enye be yewo ƒe asrafomegãwo va le gaɖum akpa. Wolé wo katã eye wodze ʋɔnudɔdrɔ̃ gɔme le Gɛ̃ le Damɛ 28, 1979. Esi ʋɔnudɔdrɔ̃a nɔ edzi yim la, asrafowo kple ame bubuwo va dze lɔ̃lɔ̃m na Rawlings.

Dukplɔla[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le Masa 4, 1979 fɔŋli me la, asrafoaɖewo vayi ɖe Rawlings kple xɔ̃awo tso game. Hoʋiʋli do le Gɛ̃ gbɔme ŋkekea katã gake le ɣetrɔ me la, Kodzo Boakye-Gyan ɖe gbeƒã le nuƒomɔawo dzi le dukɔame godo bena Supreme Military Council dziɖuɖua ge. Asrafoawo ɖo Rawlings woƒe zimenɔla, eye wotsɔ ŋkɔ na dziɖuɖua be Armed Forces Revolutionary Council (AFRC).

Le Masa 16, 1979 dzi la, wowu Ignatius Kutu Acheampong si nye Ghana dukplɔla tso 1972 va ɖo 1978, kple E. K. Utuka si nye Ghana liƒoŋudzɔsrafowo ƒe amegã. Wotso afia nawo be woɖu dukɔa ƒe ga zã eye womenye nuteƒewɔlawo o. Le Masa 26, 1979 dzi la, woga wu asrafomegãwo woame ade kpe ɖe eve siawo ŋu. Eva dze le National Reconciliation Commission ƒe nyawometoto me be ʋɔnudɔdrɔ siawo me de tutuwo eye wome drɔ ʋɔnu na wodometɔ aɖewo kroa o.

Wole asrafomegãwo geɖe kpe ɖe enyi siawo ŋu eye wode wodemtɔ geɖe ga me. Rawlings kple eƒe amewo tso ɖe asitsalawo hã ŋu.

Hafi Rawlings ava zia dzi la, woɖo be woawɔ akametatia na dziɖuɖu yeye si me asrafowo ma nɔ o. Esia yi dzi abe alesi woɖo ene eye Ghana dukɔa tia Hilla Limann be wòa nye dukplɔla yeyea. Rawlings ɖe asi le dziɖuɖua ŋu na Limann le Anyɔnyɔ 24, 1979 me.

Dziɖuɖu evelia[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le Dzome 31, 1981 dzi la, Rawlings tso ɖe Limann ƒe dziɖuɖua ŋu. Hoʋiʋli ga nɔ anyi gake enu me sẽ abe 1979 tɔ o. Ghana ƒe kplɔla tatiawo katã ge eye woɖo Provisional National Defence Council (PNDC) abe dziɖuɖu yeyea. Rawlings ga nye zimenɔla na PNDC hã.

Dziɖula tatia[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Esime Rawlings ƒe dziɖuɖu nɔ dididi la, amewo dze babia be ehiã be Ghana aga ɖo dziɖuɖu tatia alebe dua kɔkpɔkplɔ na nɔ ɖoɖo kple sewo si dukɔa katã aɖo nu. Le ƒea ɖewo megbe la, Rawlings va lɔ̃ be dziɖuɖua natrɔ. Eɖe asi le asrafo dɔ ŋu eye wo ɖo be yea nɔ akametatiaa me. Woɖo National Democratic Congress (NDC), eye Rawlings nye woƒe ŋgɔnɔla. Ghanatɔwo tia Rawlings abe dukplɔla yeyea gake le seawo nu la, elebe woa gbugbɔ dukplɔla atia ƒe ene sia ene megbe. Rawlings ƒe dziɖuɖu dze egɔme le Dzove 7, 1993 dzi eye ewunu Dzove 7, 1997. Wo ga tia Rawlings le Dzome 2000 eyata eyi dzi tso 1997 vaseɖe Dzove 7, 2001. Eseawo me ɖe mɔ be woatia dukplɔla ɖeke wu zi eve o alebe le ƒe enyi megbe la, Rawlings do le zia dzi.

Nya siawo ƒe tsoƒe[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

   Ghana dukplɔlawo

Kwame Nkrumah • Joseph Ankrah • Akwasi Afrifa • Nii Amaa Ollennu • Edward Akufo-Addo • Ignatius Kutu Acheampong • Fred Akuffo • Jerry Rawlings • Hilla Limann • Jerry Rawlings • John Kufuor • John Atta Mills • John Mahama • Nana Akufo-Addo