John Mahama

John Dramani Mahama (29 Adeɛmekpɔxe 1958[1]) nye Ghana dunyahela si nye Ghana dukplɔla 14 lia tso January 7, 2025 dzi[2][3]. Ezu dukplɔla 12 lia tso ƒe 2012 va se ɖe 2017 eye wozu dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ atɔ̃lia tso ƒe 2009 va se ɖe 2012[4].
Abe dunyahela le National Democratic Congress (NDC) me la, Mahama nye Sewɔtakpekpe me tɔ na Bole Bamboi tso ƒe 1997 va ɖo ƒe 2009 eye wònye Kadododzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le ƒe 1997 kple 1998 dome hafi va zu Kadododzikpɔla le ƒe 1998 me[5]. Mahama nye dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔ si va zu dukplɔla le eƒe ŋgɔxɔla ƒe ku megbe, eye enye dukplɔla gbãtɔ si wodzi le Ghana ƒe ɖokuisinɔnɔ megbe le ƒe 1957 me[6].
Ezu dukplɔla le dukplɔla John Atta Mills ƒe ku megbe tso Siamlɔm 24 2012[1].[7] Le Dzome 2012 me la, eʋli ho le dukɔa ƒe tiatiawɔblɔɖe me abe NDC ƒe aflagatsɔla ene eye wòɖu dzi[8]. Le ƒe 2016 me la, egaʋli ho ake gake Nana Addo, si nye NPP ƒe aflaga tsɔla la ɖu edzi[9]. Esia na wòzu dukplɔla gbãtɔ le Ghana ƒe ŋutinya me si meɖu dzi zi evelia ɖe wo nɔewo yome o. Mahama gaʋli ho le dukɔa ƒe tiatiawɔblɔɖe me abe NDC ƒe aflagatsɔla le ƒe 2020 me gake Nana Addo gadu edzi.
Wogatiae be wòanye dukplɔla le ƒe 2024 ƒe tiatiawɔɣia, eye wòɖu dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ si nɔ zi dzi ɣemaɣi, Dr. Mahamudu Bawumia dzi, si wɔe be wònye dukplɔla gbãtɔ le Ghana ƒe ŋutinya me si woti le demokrasimɔ nu be wòanye zimenɔɣi evelia si me kplɔ wo nɔewo ɖo o[10][11].
Eƒe Tsitsiɣi
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Mahama nye Gonja to si le Savanna Nutome le Ghana me tɔ, eye wòtso Bole le Savanna Nutome. Wodzi Mahama le November 29, 1958 dzi le Damongo[1]. Fofoa, Emmanuel Adama Mahama, si nye bligbledela kple nufiala kesinɔtɔ, nye Sewɔtakpekpe me tɔ gbãtɔ na Ɣetoɖoƒe Gonja nutoame eye wònye Northern Region ƒe Regional Commissioner gbãtɔ le Ghana ƒe dukplɔla gbãtɔ, Kwame Nkrumah ƒe dziɖuɣi. Mahama fofo hã nye dukplɔla ƒe aɖaŋuɖola gãtɔ le Hilla Limann si Jerry Rawlings ɖe le ƒe 1981 me la ƒe kpɔkplɔ te[12].
Eƒe Sukudede
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]John Mahama de gɔmedzesuku le Achimota suku (Achimota School) le Accra eye wòde Ghana Sekɛndrisuku (Ghana Secondary School) le Tamale. Exɔ ŋutinya me ɖaseɖigbalẽ le ƒe 1981 me le Ghana Yunivɛsiti (University of Ghana), Legon, afisi wòwu kadodo ƒe sukunuwuwu megbe nusɔsrɔ̃wo hã nu le le ƒe 1986 me. Emegbe John Mahama yi edzi xɔ sukunuwuwu ƒe ɖaseɖigbalẽ bubu, si nye hadomenunya le Hadomegbenɔnɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe (Institute of Social Sciences, Moscow) le Moscow.[1]
Eƒe Dɔwɔɖui ƒe Gɔmedzedze
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Esi Mahama wu eƒe suku kɔkɔ dede nu la, efiaa ŋutinya le sekɛndrisuku ƒe ʋee aɖewo[13]. Esi wòtrɔ va Ghana le nusɔsrɔ̃ le Moscow megbe la, ewɔ dɔ abe Nyatakaka, Dekɔnuwo kple Numekuku Dɔwɔla le Japan ƒe dutanyanyuigblɔla ƒe Dɔwɔƒe le Accra le ƒe 1991 kple 1995 dome[14]. Tso afima la, eʋu yi habɔbɔ si menye dziɖuɖu tɔ o si tsi tre ɖe ahedada ŋu Plan International ƒe Ghana Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe, afisi wòwɔ dɔ le abe Dukɔwo Dome Kadodowo, Sponsorship Communications kple Grants Manager ene le ƒe 1995 kple 1996 dome[15].
Eƒe Dunyahehedɔ
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wotia Mahama zi gbãtɔ be wòanye Ghana Sewɔtakpekpe me tɔ le ƒe 1996 ƒe akɔdadabe me wòanɔ Bole/Bamboi Nutome teƒe hena ƒe ene[1]. Le April 1997 me la, woɖo Mahama Kadododzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Wodoe ɖe ŋgɔ wòzu Kadododzikpɔla ƒe ɖoƒe le November 1998 me, eye wònɔ ɖoƒe ma vaseɖe January 2001 me, esime National Democratic Congress (NDC) si le dzi ɖum la tsɔ ŋusẽ de asi na New Patriotic Partyƒe dziɖuɖu.
Le ƒe 2000 me la, wogatia Mahama hena ƒe ene bubu be wòanye Sewɔtakpekpe me tɔ na Bole/Bamboi. Wogatiae ake le ƒe 2004 me hena zi etɔ̃lia. Tso ƒe 2001 va ɖo ƒe 2004 me la, Mahama nye Sewɔtakpekpe si me Ame Suesuewo le ƒe Nyanuɖela si kpɔa Nyatakakawo gbɔ. Le ƒe 2002 me la, wotiae be wòanye NDC ƒe Nyatakakawo Dzikpɔla. Le ƒe ma ke me la, enye Dukɔwo Dome Ŋkulélelawo ƒe ƒuƒoƒo si wotia be woalé ŋku ɖe Zimbabwe ƒe Sewɔtakpekpe me Tiatiawo ŋu la me tɔ[15][16].
Le 7 Dzove 2009 dzi la, Mahama ka atam be yeaxɔ dɔ abe Ghana ƒe Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ene eye John Atta Mills nye Dukplɔla[1][17][18]. Ewɔ dɔ hã abe Dukɔa ƒe Ganyawo Dzikpɔha, Ghana ƒe Asrafowo ƒe Aɖaŋuɖoha, Decentralization and Implementation Committee kple Ghana ƒe Kpovitɔwo ƒe Aɖaŋuɖoha ƒe Zimenɔla le ɖoƒe sia[15].
Le Ghana ƒe dukplɔse nu la, Mahama zu dukplɔla le July 24, 2012 dzi esi eƒe ŋgɔgbevi, John Atta Mills ku. Le Dzove 2012 me la, eva zu Ghana ƒe dukplɔla gbãtɔ si wɔ dɔ le dunyahehe ƒe ɖoƒewo katã (Ghana kple Pan-African MP, Dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, Dzikpɔla, dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ kple dukplɔla)[17].
Mahama ɖu dzi le December 2012 ƒe akɔdada me kple 50.70%[19]. Esi woɖoe zi dzi la, tsitretsiɖeŋula New Patriotic Party si Nana Akufo-Addo, Mahamudu Bawumia, si nye eƒe kpeɖeŋutɔ kple Jacob Otanka Obetsebi-Lamptey, si nye habɔbɔa ƒe zimenɔla, nɔ ŋgɔ na la tsɔ nya ɖe nyatia me tsonuwo ŋu hegblɔ be womewɔe ɖe ɖoɖo nu o eye wowɔ nu gbegblẽwo. Ghana Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃la enyi ye drɔ̃ nya sia. Le nyadɔdrɔ̃ ɣleti enyi megbe la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea le Dasiamime 29, 2013 dzi, tsɔ ame akpa gãtɔ ƒe nukpɔsusu gbe nyaa[16].
Mahama di be yeaxɔ zimenɔɣi blibo evelia le Dzome 2016 ƒe akɔdadame. Nana Akufo-Addo ɖu edzi[9]. Mahama xɔ akɔdadawo ƒe 44.4% tsɔ sɔ kple Akufo-Addo ƒe 53.5%.[20] Mahama gaʋli ho le dukɔa ƒe tiatiawɔblɔɖe me abe NDC ƒe aflagatsɔla le ƒe 2020 me gake Nana Addo gadu edzi.
Le 8 Dzome 2024 dzi la, New Patriotic Partyƒe ametiakɔdala kple Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ Mahamudu Bawumia yɔ John Mahama eye wòlɔ̃ ɖe edzi be Mahama ɖu dzi le ƒe 2024 ƒe Dutoƒo akɔdada me[21]. Woɖo Mahama zi evelia abe dukplɔla ene le 7 Dzove 2025[2][3].
![]() | ||||
Kwame Nkrumah • Joseph Ankrah • Akwasi Afrifa • Nii Amaa Ollennu • Edward Akufo-Addo • Ignatius Kutu Acheampong • Fred Akuffo • Jerry Rawlings • Hilla Limann • Jerry Rawlings • John Kufuor • John Atta Mills • John Mahama • Nana Akufo-Addo |
References
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- ↑ 1.0 1.1 1.2 1.3 1.4 1.5 https://www.britannica.com/biography/John-Mahama
- ↑ 2.0 2.1 https://www.dw.com/en/ghana-mahama-sworn-in-vows-to-deliver-on-promises/a-71239899
- ↑ 3.0 3.1 https://ghanaembassydc.org/news-and-events/john-mahama-sworn-in-as-ghanas-president/
- ↑ https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/features/Is-John-Mahama-truly-an-opposition-leader-1749854
- ↑ https://worldleaders.columbia.edu/directory/john-mahama
- ↑ https://ghanaembassydc.org/president-of-ghana/
- ↑ https://www.aljazeera.com/news/2012/7/25/ghana-swears-in-mahama-as-new-president
- ↑ https://www.aljazeera.com/news/2012/12/11/mahama-declared-winner-of-ghana-election
- ↑ 9.0 9.1 https://www.fact-checkghana.com/did-mahama-lose-the-2016-elections-by-over-1-million-votes/
- ↑ https://citinewsroom.com/2024/12/official-mahama-wins-election-2024/
- ↑ https://www.aljazeera.com/news/2024/12/8/ghanas-former-president-john-mahama-wins-election
- ↑ "Archive copy". Archived from the original on 2024-07-16. Retrieved 2025-01-22.
- ↑ https://www.bookbrowse.com/biographies/index.cfm/author_number/2199/john-mahama
- ↑ https://web.archive.org/web/20160303231801/http://www.johnmahama.org/node/1
- ↑ 15.0 15.1 15.2 https://web.archive.org/web/20120912122210/http://www.ghanatoghana.com/Ghanahomepage/john-dramani-mahama-biography
- ↑ 16.0 16.1 https://web.archive.org/web/20150602074327/http://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/republic/president.php
- ↑ 17.0 17.1 https://www.johnmahama.org/my-story
- ↑ https://ghanaembassydc.org/president-of-ghana/
- ↑ https://www.modernghana.com/ghanahome/ghanavotes/2012/?menu_id=79
- ↑ https://ec.gov.gh/wp-content/uploads/2020/11/2016-VOTER-TURNOUT-GENERAL-ELECTIONS.xlsx
- ↑ https://www.graphic.com.gh/news/politics/dr-bawumia-calls-mahama-concedes-defeat.html