Jump to content

John Kufuor

Tso Wikipedia
Kufuor le ƒe 2008 me

John Agyekum Kufuor (si wodzi Dzome 18, 1938) nye Ghana dunyahela si nye Ghana ƒe dukplɔla ewolia tso Dzove 7, 2001 vaseɖe Dzove 7, 2009.[1] Enye Afrika Dukɔwo ƒe Habɔbɔ ƒe Zimenɔla atɔ̃lia tso ƒe 2007 va ɖo ƒe 2008.[2]

Abe senyala kple asitsala ene la, enye dziɖuɖumegã le Kofi Abrefa Busia ƒe Ŋgɔyiyiha dziɖuɖua me.[3] Kufuor tsi tre abe New Patriotic Party (NPP) ƒe ametiakɔdala ene le ƒe 1996 ƒe akɔdada me, eye wòɖu dzi le ƒe 2000 kple 2004 me. Esi wòɖu dzi zi eve la, eɖe asi le dunyahehe ŋu le ƒe 2008 me. Ame geɖe yɔnɛ be Gentle Giant.[4]

Kufuor enye Asantetɔ. Wodzii le Kumasi. Srɔ̃a ŋkɔ enye Theresa Kufuor (tɔgbuiyɔŋkɔ Mensah), eye vi atɔ̃ le wosi. Kufuor de Osei Tutu Boarding School (1951-53), Prempeh College (1954-58), Lincoln's Inn, London (1959-1961) kple Exeter College le University of Oxford (1961-1964).[5][6]

Kufuor dze dɔ gɔme le Kumasi abe Town Clerk ene. Wotia Kufuor abe MP le 1969 do ɖe Parliament. Le ƒe 1969 me la, wotiae be woa nye Member of Parliament. Le ɣemaɣi la, enɔ gɔvment me.

   Ghana dukplɔlawo

Kwame Nkrumah Joseph Ankrah Akwasi Afrifa Nii Amaa Ollennu Edward Akufo-Addo Ignatius Kutu Acheampong Fred Akuffo Jerry Rawlings Hilla Limann Jerry Rawlings John Kufuor John Atta Mills John Mahama Nana Akufo-Addo

  1. https://www.ghanaweb.com/person/John-Agyekum-Kufuor-3658
  2. "Archive copy". Archived from the original on 2025-03-16. Retrieved 2025-10-06.
  3. https://newsghana24.com/today-is-kufours-84th-birthday-check-out-this-brief-biography-of-kufour/
  4. https://www.myjoyonline.com/how-kufuor-met-his-wife-and-married-at-age-23/
  5. https://www.exeter.ox.ac.uk/people/dr-john-kufuor/
  6. http://www.worldpresidentsdb.com/John-Kufuor/