Yesu Hame Vavã

Tso Wikipedia

"Yesu Hame Vavã" (True Jesus Church) la enye subɔsubɔ hame faa si woɖo le Beijing, China le ƒe 1917 me. Egbe la, ame abe miliɔn ɖeka kple afã tso dukɔ blaene vo atɔ̃ me le ha sia me. Hamea, si do ha kple Kristo subɔsubɔ hawo si woyɔna be "Pentecostal" la, dze egɔme abe ƒe alafa ɖeka enye si. Woɖo ha sia ɖe Ghana le ƒe 1985 me. Woƒe ɖoɖo enye be yewoa gblɔ mawunya na dukɔwo katã hafi Yesu na ga trɔ ava zi eveliae. Hamea ƒe xɔse vevietɔ ewoawo enye:

  1. Gbɔgbɔ Kɔkɔe - Gbevovowo gbɔgblɔ nye ɖeɖefia be miéxɔ Gbɔgbɔ Kokoe, eye wonye ŋugbedodo nami be mianyi Dziƒofiaduƒe la ƒe dome.
  2. Tsitadede - Mawutsideta kple tsi eya enye nuvɔtsɔtsɔke kple agbeyeye nɔnɔ ƒe sakramento. Wodena mawutsita kple tsigbeagbe, abe tɔsisi, atsiaƒu, alo kpetome tɔlɛ. Mawutsitadela, amesi xɔ mawutsideta xoxo tó tsi kple Gbɔgbɔ KɔKoe me la, eyae dena mawutsita le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔme. Edze bena amesi le mawutsideta xɔm la woanyrɔe blibo ɖe tsi me, eƒe mo nanɔ anyigba kpɔm.
  3. Afɔ kɔklɔ - Afɔ kɔklɔ ƒe sakramentoe nana be miwɔna ɖeka kple Yesu Kristo. E zuna abe ŋukuɖoɖonudzi nami be lɔlɔ, kɔkɔenyenye, ɖokuibɔbɔ, tsɔtsɔke, kple amenuveve nanɔ miasi. Edze be amesiame sixɔ mawutsideta tó tsi me la, woaklɔ afɔ nɛ le Yesu Kristo ƒe ŋkɔme. Miawɔ Afɔklɔ na mianɔewo gasiagame ne miekpɔ bena ehiã.
  4. Nuɖuɖu kɔkɔe - Kɔminio Kɔkoe nye sakramento, si mietsɔna ɖoaŋku miaƒetɔ Yesu Kristo ƒeku dzi. Tó eyamee miexɔna Aƒetɔla ƒe ŋutilã kple Ʋù be miawɔɖeka kplii, be miakpɔ agbemavɔ, eye miafɔ le ŋkeke mamlea dzi. Woawɔ sakramento sia enuenu zi alesi dze. AbolomaƲamaƲa ɖeka kple vɛtikutsetse ƒe tsi koe wazã
  5. Sabat - Sabbath, sinye ŋkeke adrelia le kɔsiɖa la me la nye Ŋkeke Kɔkoe si Mawu yra eye wowoe kɔkoe. Woduna Sabbath tó Mawu ƒe amenuveve me, be miado kɔkɔ Mawu ƒe nuwokata wɔwɔ kple agbemavɔ dzi, kple dzideƒo bena agbemavɔ na tumi le agbesigbɔna la me.
  6. Yesu Kristo: Yesu Kristo, nya la si va zu ŋutila, Eku de atitsoga ŋuti hena nuvɔwo tsɔtsɔ ke, Efɔ tso amekukuwo dome le ŋkeke etɔagbe eye wo yi ɖe dzifo. Eya koe nye amegntɔwo ɖela, dziƒo kple anyigba wɔla, kple Mawu vava la.
  7. Biblia Kɔkɔe (Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe): "Biblia kɔkɔe, sime Nubala xoxoa kple yeyea le, nye Mawu ƒe , esia nye nyaŋlɔɖi vava, kple nu siwo ŋu Kristotɔwo nɔna agbe ɖo.
  8. Ɖeɖe: "Ɖeɖe tso na Mawo ƒe amenuveveme to xɔse me. Elena Xɔsetɔwo be woa ɖonu ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe nu hena kɔkɔe nyenye, Mawu dodo ɖe dzi, kple lɔlɔ na amegbetɔwo".
  9. Kristo hame
  10. Afiatsoso mamlea: Yesu ƒe vava evelia anɔ ŋkeke mamledzi ne Eɖi tso dziƒo va ʋɔnu dzrɔ ge xexea: amedzɔdzɔewo akpɔ agbemavɔ, ke amevɔɖiwo ya woabu yi ɖe mavɔme.