Biblia

Tso Wikipedia
Biblia

Biblia nye Yudatɔwo, Kristotɔwo ƒe hame vovoawo kpakple ha si woyɔna be "Eastern Orthodox" hame le yevugbe me la ƒe agbalẽ vevietɔ na subɔsubɔ. Vovototo suea ɖewo le hasiawo ƒe Bibliawo me.

Yudatɔwo yɔna woƒe Biblia be Tanak alo Hebri Biblia. Kristotɔwo hã yɔna woƒe Biblia be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe. Wo ma agbalẽ sia ɖe akpa eve me. Akpa gbãtɔ enye Nubabla xoxoa eye evelia enye Nubabla yeyea. Kristotɔwo ƒe hame aɖewo tsɔ agbalẽ si wo yɔna be Apokrifa kpe ɖe woƒe Biblia ŋuti. Agbalẽ ɖe wo le Roma "Catholic" kple "Eastern Orthodox" tɔwo ƒe Biblia me si wo mele Yudatɔwo ƒe Tanak me o.

Hebri Biblia[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Agbalẽ 39 ye le Hebri Biblia (Hebri:תנ"ך) me. Ameaɖewo yɔnae be Hebri Biblia elabena Hebritɔwo gbɔ agbalẽa tso. Ameaɖewo hã wo yɔnae nenema elabena Hebrigbe me wo ŋlɔe ɖo. Eya wo ŋutɔ wo yɔnae be Tanak elabena woƒe agbalẽ le akpa etɔ̃ me. Akpa etɔ̃ sia wonye Tora (nufafiawo), Nevi'im (nyagblɔɖilawo) kple Ketuvim (nuŋɔŋlɔwo).

Tora[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Tora

Tora alo "nufafiawo" wonye Mose ƒe agbalẽ atɔ̃awo. Wo yɔna agbalẽ atɔ̃awo le Hebrigbe me be "Chumash" eye Helatɔwo hã wo yɔnae be "Pentateuch". Tora agbalẽawo wo nye:

  1. Mose I, — B'reshit (בראשית)
  2. Mose I, — Sh'mot (שמות)
  3. Mose III, — Vayikra (ויקרא)
  4. Mose IV, — B'midbar (במדבר)
  5. Mose V, — D'varim (דברים)

Nviim[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Agbalẽ enyi siwo le N'viim la me wonye:

6. Yosua, — Y'hoshua (יהושע
7. Ʋɔnudrɔlawo, — Shoftim (שופטים)
8. Samuel ƒe agbalẽ gbãtɔ kple evelia, — Sh'muel (שמואל)
9. Fiawo ƒe agbalẽ gbãtɔ kple evelia, — M'lakhim (מלכים)
10. Yesaya, — Y'shayahu (ישעיהו)
11. Yeremya, — Yirmiyahu (ירמיהו)
12. Xezekiel, — Y'khezkel (יחזקאל)
13. Nyagblɔɖila wuieve mamlea wo le agbalẽ ɖeka me — Tre Asar (תרי עשר)
a. Hosea, — Hoshea (הושע)
b. Yoel, — Yoel (יואל)
d. Amos, — Amos (עמוס)
ɖ. Obadya, — Ovadya (עבדיה)
e. Yona, — Yona (יונה)
ɛ. Mixa, — Mikha (מיכה)
f. Naxum, — Nakhum (נחום)
ƒ. Xabakuk, — Khavakuk (חבקוק)
g. Zefanya, — Ts'fanya (צפניה)
h. Xagai, — Khagay (חגי)
i. Zaxarya, — Z'kharya (זכריה)
k. Maleaxi, — Malakhi (מלאכי)

Ktuvim[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Agbalẽ wuiɖeka siwo le K'tuvim la me wonye:

14. Psalmowo, — T'hilim (תהלים)
15. Lododowo, — Mishle (משלי)
16. Hiob, — Iyov (איוב)
17. Hawo ƒe ha, — Shir ha-Shirim (שיר השירים)
18. Rut, — Rut (רות)
19. Konyifahawo, — Ekha (איכה), si wo ga yɔna be Kinot (קינות)
20. Nyagblɔla, — Kohelet (קהלת)
21. Ester, — Ester (אסתר)
22. Daniel, — Daniel (דניאל)
23. Ezra si me Nexemia le, — Ezra (עזרא), si me N'khemya (נחמיה) le
24. Kronika ƒe agbalẽ gbãtɔ kple evelia, — Divre ha-Yamim (דברי הימים), si wo ga yɔna be Divre (דברי)


Nubabla xoxo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Kristotɔwo ƒe Nubabla xoxo de sɔsɔ ge kple Yudatɔwo ƒe Tanak.

Nubabla yeye[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Nubabla yeye la ku ɖe Yesu Kristo ƒe agbe kple nufafia ŋuti. Apostolo Paulo kple nusrɔla bubuawo ƒe agbalẽwo si woŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe hame gbãtɔwo kpakple Yohanes ƒe Nyaɖeɖefia la wo katã le eme. Agbalẽ 27 ye le Nubabla yeyea me. Woŋlɔ agbalẽ siawo dometɔ geɖe le Helagbe me. Agbalẽawoe nye:

Nyanyuie la

Paulo ƒe agbalẽwo

Yudatɔwo ƒe agbalẽwo