Matthew Opoku Prempeh

Tso Wikipedia

 

Matthew Opoku Prempeh (wodzi le 23 May 1968) nye Ghana dɔkita kple dunyahela. Enye Sewɔtakpekpe me tɔ na Manhyia South le Ashanti Nutome le Ghana[1]. Enye Sukunyawo dzikpɔla tsã[2]. Ame geɖe yɔnɛ be NAPO[3]. Fifia enye Ŋusẽnyawo Gbɔkpɔla[4].

Ðevimenɔɣi kple sukudede[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Matthew Opoku Prempeh le May 23, 1968 dzi le Ashanti, si nye Kumasi ƒe gbɔtodu aɖe me, eye wòtso Pakyi No. 2 le Ashanti Nutome.

Edze eƒe gɔmedzesukudede gɔme le Kwame Nkrumah Dzɔdzɔmeŋutinunya kple Mɔ̃ɖaŋununya Yunivɛsiti (KNUST) Gɔmedzesuku eye wòyi Prempeh Kɔledzi le Kumasi, Ashanti Nutome le Ghana, hena eƒe hehexɔxɔ.

Esrɔ̃ Atikewɔwɔ le Kwame Nkrumah Dzɔdzɔmeŋutinunya kple Mɔ̃ɖaŋununya Yunivɛsiti (KNUST) eye wòwu eƒe MB CHB nu le ƒe 1994 me. Eyi edzi kple sukunuwuwu megbe nusɔsrɔ̃ le MSc. Dɔvɔ̃ŋutinunya le Netherlands Lãmesẽŋutinunya Dɔwɔƒe le ƒe 1998 kple le Kennedy Dziɖuɖu Suku le Harvard Yunivɛsiti afisi wòsrɔ̃ Kplɔlanyenye kple Dziɖuɖu le. Le ƒe 2002 me la, exɔ hehexɔxɔ le UK (MRCS).

Dɔwɔɖui[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Hafi Prempeh nage ɖe sewɔtakpekpea me la, enye Keyedmap Security Services Limited ƒe dɔdzikpɔlagã tso ƒe 2004 va ɖo ƒe 2009. Enye atikewɔla hã eye wònye United Kingdom ƒe Fiaɖuƒea ƒe Atikewɔlawo kple Amekolawo ƒe Kɔledzi me tɔ tso ƒe 1999 va ɖo ƒe 2003.

Dunyahehe[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Sewɔtakpekpe me tɔ[1][trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Esi wònye Ghana sewɔtakpekpe me tɔ ta la, enɔa Manhyia South teƒe le Kumasi, eye wònɔ Manhyia teƒe tsã. Wotiae zi gbãtɔ be woanye sewɔtakpekpe me tɔ le ƒe 2008 me eye wònye New Patriotic Party (NPP) me tɔ . Le ƒe 2016 me la, wogatiae ake le akɔdada siwo wowɔ le nutome la me. Enye lãmesẽnyawo ŋuti kɔmiti kple ameɖoɖo ƒe kɔmitia me tɔ. Prempeh ʋli ho le ƒe 2020 me abe sewɔtakpekpe me tɔ ene na Manhyia South nutoame le Dukɔlɔ̃la Yeye ƒe aflaga te eye wòɖu dzi kple vovototo gã aɖe.

Sukunyawo dzikpɔla[2][trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Dukplɔla Nana Akufo-Addo tiae le Dzove 10, 2017 dzi be wòanye Sukunyawo dzikpɔla le Ghana. Ewɔ dɔ ma ƒe ene vaseɖe Dzove 6, 2021 dzi esime dukplɔla kple eƒe subɔlawo ƒe dziɖuɣi wu enu.

Ŋusẽnyawo Gbɔkpɔha ƒe Dɔdzikpɔla[4][trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le ƒe 2021 me la, Ghana ƒe Dukplɔla, Nana Akuffo-Addo, esi wogatiae be wòanye Dukplɔla vɔ megbe la, yɔ Ðɔkta Matttew Opoku Prempeh be wòanye Ŋusẽnyawo Gbɔkpɔla. Do ŋgɔ la, enye Sukudede ƒe Dɔdzikpɔla le Dukplɔla Nana Akuffo-Addo ƒe zimenɔɣi gbãtɔ me.

Nusiwo ŋu woke ɖo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]