Debaya Kɔsiɖa

Tso Wikipedia

Debaya Kɔsiɖa enye ŋkeke si kristotɔwo le xexeame godoo ɖuna le Kɔsiɖa si doa ŋgɔ na Easter Kɔsiɖa dzi. Wotsɔna ŋkeke sia ɖoa ŋku nusiwo ŋu woŋlɔnu daɖi le Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ƒe Nubabla yeye la me. Agbalẽ siwo ƒonu le ŋkeke sia ŋuti wonye Mateo 21:1-11, Marko 11:1-11, Luka 19:28-44 kpakple Yohanes 12:12-19.