Siamlɔm

Tso Wikipedia
Rubi enye kpe xɔasi tɔxe.

Siamlɔm (alo Yuli) enye ɣleti adrelia le ƒea me. Vovototowo le alesi wobuna ƒeawo dome. Ƒe si ŋu míele bubum fifia enye Gregoria ɣletigbalẽ tɔ. Ŋkeke 31 ye le ɣletia me.

Eʋeawo tsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Siamlɔm elabena enye tsidzaɣi eyata wonɔna nuwo siam ɖe xexe ga gbugbɔwo nɔ lɔlɔm enu enu ne tsi ga dze dzadzam ko. Le blema ŋɔli la, Romatɔwo wotsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Yuli elabena eya me wodzi Yulio Kaisaro le. Ŋkɔ xoxo si Romatɔwo yɔna na ɣleti sia enye Quintilis, elabena eyae enye ɣleti atɔ̃lia le Romatɔwo woƒe ƒe me hafi wotrɔe eye Dzove (alo Yanuar) va zu ɣleti gbãtɔ.

Nudzɔdzɔ tɔxewo le Siamlɔm me[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Nu bubuwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

"Water lilly" seƒoƒo le Eŋglisigbe me
  • Siamlɔm kple Afɔfiɛ (April) dzea egɔme le ŋkeke ɖeka dzi le kɔsiɖa me le ƒe desiaɖe me.
  • Ameaɖewo tsɔ seƒoƒo si Eŋglisiawo yɔna be water lilly abe seƒoƒo tɔxe na Siamlɔm ene.
  • Siamlɔm kple Kele (Oktober) wonye ɣletiwo sime amewo dzia vi ŋutɔ.
  • Kpe xɔasi si woyɔna be Rubi le Eŋlisi me la, enye kpe tɔxe na amesiwo wodzi le Siamlɔm me.

Xlẽ esiawo hã[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Ɣletiawo le ƒea me
Dzove · Dzodze · Tedoxe · Afɔfiɛ · Damɛ · Masa · Siamlɔm · Dasiamime · Anyɔnyɔ · Kele · Adeɛmekpɔxe · Dzome