Kwame Nkrumah

Tso Wikipedia
Kwame Nkrumah

Kwame Nkrumah (Anyɔnyɔ 21, 1909 - Afɔfiɛ 27, 1972) enye Ghana vidzidzi gbãtɔ si vaye zu Ghana dukplɔla.

Eƒe ɖevime kple sukudede[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Nkrumah le Nkroful le Ghana ƒe Ɣetoɖoƒe nutome. Ŋkɔ si wotsɔ ne le eƒe ɖevime enye Francis Nwia Kofi Ngonloma. Ede Achimota School le Gẽ hafi wòyi edzi le Roma Katolik suku me le Axim. Le ƒe 1935 me la, ezɔ mɔ heyi ɖe United States. Ede Lincoln yunivesiti, afisi woxɔ BA ɖaseɖigbãle le.

Eƒe gbɔgbɔ va Ghana[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le 1945 me la, Nkrumah gbɔ va Ghana. Le eƒe gbɔgbɔ ko la, woɖoe nuŋlɔ̃la na United Gold Coast Convention (UGCC). Woƒe nunɔla ɣemaɣi enye J. B. Danquah. Le ƒe ʋea ɖewo megbe la, vovototo va ge ɖe wome eye Nkrumah do le UGCC la me eye wò va ɖo eya ŋutɔ ƒe dunyaheha si nye Convention People's Party (CPP). Wo nɔ United Kingdom dukɔa biam na Ghana ƒe ɖokuisinɔnɔ.

Ghana ƒe ɖokuisinɔnɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le Tedoxe 6, 1957 me la, Ghana dukɔa xɔ ɖokuisinɔnɔ eye Nkrumah zu dukɔa kplɔla. Fianyɔnu Elizabet II ganɔ zia dzi na Ghana ƒe etɔ̃ sɔ̃ŋ hafi eya hã trɔ tso Siamlɔm 1, 1960 dzi.

Eƒe dziɖuɖu[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Nkrumah tu nuwo geɖe abe tɔdziʋudzeƒe gãaɖe, ayameʋudzeƒe yeye kple Akosombo Dam. Nkrumah nye Ghana dukplɔla ƒe 9 sɔŋ hafi wo ge le zia dzi. Ghana asrafowo tso ɖe eŋu le esime Ghana nɔ sesem.

Nkrumah ƒe ƒometɔwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Nkrumah nɔ ŋkɔ enye Aƒenɔ Nyaniba. Vi ene ye nɔ Nkrumah si. Via tsitsitɔ enye Francis, si nye dɔyɔla kple amatsiwɔla de ŋgɔ le Ghana. Emegbe la, Nkrumah ɖe Fathia Rezhik, si tso Egyipté. Wodzi vi etɔ̃. Gbãtɔ enye ŋutsu, Gamel, evelia enye Samia, si nye nyɔnu eye mamlea enye Sekou si nye ŋutsu.

Kwame Nkrumah ƒe agbalẽwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Kpɔ esiawo hã[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Nyasiawo ƒe tsoƒe[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wikimedia Commons logo
Wikimedia Commons logo
Wikimedia Commons has media related to: Kwame Nkrumah



   Ghana dukplɔlawo

Kwame Nkrumah • Joseph Ankrah • Akwasi Afrifa • Nii Amaa Ollennu • Edward Akufo-Addo • Ignatius Kutu Acheampong • Fred Akuffo • Jerry Rawlings • Hilla Limann • Jerry Rawlings • John Kufuor • John Atta Mills • John Mahama • Nana Akufo-Addo