John Mahama

Tso Wikipedia

John Dramani Mahama si wodzi 29 Adeɛmekpɔxe 1958, nye Ghana dunyahela si va zu Ghana dukᴐfe dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le ƒe 2009 me. Ezu dukplɔla le dukplɔla John Atta Mills ƒe ku megbe tso Siamlɔm 24 2012. Le Dzome 2012 me la, eʋli ho le dukɔa ƒe tiatiawɔblɔɖe me abe NDC ƒe aflagatsɔla ene eye wòɖu dzi. Le ƒe 2016 me la, egaʋli ho ake gake Nana Addo, si nye NPP ƒe aflaga tsɔla la ɖu edzi

John Mahama de gɔmedzesuku le Achimota suku (Achimota School) le Accra eye wòde Ghana Sekɛndrisuku (Ghana Secondary School) le Tamale. Exɔ ŋutinya me ɖaseɖigbalẽ le ƒe 1981 me le Ghana Yunivɛsiti (University of Ghana), Legon, afisi wòwu kadodo ƒe sukunuwuwu megbe nusɔsrɔ̃wo hã nu le le ƒe 1986 me. Emegbe John Mahama yi edzi xɔ sukunuwuwu ƒe ɖaseɖigbalẽ bubu, si nye hadomenunya le Hadomegbenɔnɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe (Institute of Social Sciences, Moscow) le Moscow.

John Mahama, Ghana dukplɔla xoxo
   Ghana dukplɔlawo

Kwame Nkrumah • Joseph Ankrah • Akwasi Afrifa • Nii Amaa Ollennu • Edward Akufo-Addo • Ignatius Kutu Acheampong • Fred Akuffo • Jerry Rawlings • Hilla Limann • Jerry Rawlings • John Kufuor • John Atta Mills • John Mahama • Nana Akufo-Addo