Waakye
Waakye () nye Ghanatɔwo ƒe nuɖuɖu si me mɔlu kple ayi siwo woɖa le, eye zi geɖe la, woɖuna hena ŋdi nuɖuɖu alo ŋdɔnuɖuɖu.[2] Woɖaa mɔlu kple ayi, siwo zi geɖe nyea ayi ŋkuyibɔ alo ayi ŋkuvi, ɖekae, tsɔ kpe ɖe aƒogbe siwo woƒu kple kaun (Akaw tutu/ akawa wɔ ) ŋu.[3] Aƒogbeawo kple kaun naa dzesi ɖeɖe nuɖuɖua ƒe vivi eye wòdzena abe dzĩ ene eye woɖea aƒogbewo hafi ɖua wo. Nya waakye tso Dagbanigbe me eye wòfia ayi ƒomevi aɖe koŋ. Le Hausa me la, woyɔa ayi nuɖuɖua be wake, si nye ŋkɔ bliboa si wotsɔ ƒo ƒui si nye shinkafa da wake si gɔmee nyemɔlu kple ayi.[4]
Zi geɖe la, mɔtonudzralawoe dzraa Waakye. Emegbe zi geɖe la, woxatsae ɖe akɔɖu ƒe aŋgba me eye Wele-nuɖuɖu ɖeka alo esi wu nenema, koklozi siwo woɖa, garri, shito, amagbewo ƒe salad si nye cabbage, sabala kple tomatos, spaghetti (si woyɔna be talia le Ghana) alo ablodzo si wotɔ. [3][5]
ŋutinya
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Wosusu be edzɔ tso Ghana ƒe dziehe le Mole-Dagbontɔwo dome. Nuɖuɖua bɔ hã le Hausatɔ siwo va nɔ Zongo nuto siwo le Ghana ƒe dzigbe gome la dome. Ate ŋu anye nusi do ŋgɔ na mɔlu kple ayi nuɖuɖu siwo wokpɔna zi geɖe le Caribbean kple Anyiehe Amerika, siwo wotsɔ va afima to kluvisitsatsa me.[3]
Nukpɔƒe
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

.
.
Kpɔe hã
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Dzɔtsoƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- ↑ "Waakye: A popular dish from Ghana made with rice and beans". irri.org. Retrieved 30 August 2013.
- ↑ Adam, Hakeem (13 January 2017). "A Brief History of Waakye, Ghana's Favourite Breakfast". Culture Trip. Archived from the original on 2019-03-06. Retrieved 2019-03-05.
- 1 2 3 Muyambo, Freda (16 August 2018). "All You Need to Know About Waakye". The Spruce Eats. dotdash. Archived from the original on 2 February 2023. Retrieved 22 May 2020.
- ↑ "Ghana: Waakye". 196 flavors. 2013-01-08. Retrieved 2020-06-01.
- ↑ Appiah-Adjei, Salomey (2019-05-31). "Waakye: The dish with loyal patrons". Daily Graphic. Accra, Ghana. Retrieved 2019-06-02.