Thomas Jefferson

Tso Wikipedia

Thomas Jefferson (April 13, 1743 – July 4, 1826) nye Amerika dukplɔla etɔ̃lia.[1] Jefferson ye ŋlɔ Ðokuisinɔamesi ƒe Gbeƒãɖeɖe, si eya kple Fofo Gɔmeɖoanyila 55 bubuwo de asi. Eŋlɔ Subɔsubɔhawo ƒe Ablɔɖe Ŋuti Se hã.

Jefferson nye agbledela hã tɔ. Kluvi geɖewo nɔ esi. Ena ablɔɖe ame geɖe le Hemings ƒomea me.[2]

Eƒe agbemeŋkeke gbãtɔwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Jefferson, si nye vi ewo dometɔ etɔ̃lia, le April 13, 1743 dzi le Shadwell, Virginia, le agbledelawo ƒe ƒome aɖe me. Edzilawo nye Peter kple Jane Jefferson. Nɔvinyɔnu ade kple nɔviŋutsu etɔ̃ nɔ esi. Esi Thomas Jefferson xɔ ƒe 9 la, edze Latingbe, Helagbe, kple Fransegbe sɔsrɔ̃ gɔme; esrɔ̃ sɔdodo hã, eye wode bubu gãtɔ kekeake. Eyi edzi va zu senyala.

Le January 1772 me la, Jefferson ɖe Martha Wayles Skelton, amesi dzi vi 6 kplii.

Eƒe dunyahehe me agbenɔnɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Jefferson di be Nutome Wuietɔ̃awo navo tso Great Britain si me. Jefferson va xɔ kplɔlanyenye ƒe dziɖuɖu le eƒe dzidzimea me ŋutsu siwo ƒe susu sɔ kple wo nɔewo dome enumake. Enye Anyigbagã dzi Sewɔtakpekpe Evelia me tɔ. Wotiae be wòanɔ amegãwo ƒe ƒuƒoƒo si ŋlɔ Ðokuisinɔamesi ƒe Gbeƒãɖeɖea me eye eyae nye eŋlɔla vevitɔ.

Enye subɔla le France tso ƒe 1785 va ɖo ƒe 1789 me.

George Washington ye tiae be wòanye Dukɔa ƒe Agbalẽŋlɔla gbãtɔ. Jefferson susui be ele be dukɔa ƒe dziɖuɖua nanɔ sue. Eƒe nukpɔsusu to vovo na Ganyawo Gbɔkpɔha ƒe Agbalẽŋlɔla Alexander Hamilton le dukɔa ƒe dziɖuɖua ŋu. Ewɔ ɖeka kple James Madison le ƒe 1792 me ɖo dunyaheha aɖe be woatsɔ atsi tre ɖe Hamilton kple Dukɔa ƒe Dunyahehabɔbɔa ŋu. Akpa siae nye Democratic-Republican Party. Akpahaa ƒe akpa sue ɖeka va zu egbegbe Democratic Party.

Jefferson ʋli dukplɔla ƒe ɖoƒe ta kple John Adams. Exɔ ame evelia si da akɔ wu eye abe alesi se nɔ ɣemaɣi ene la, eva zu dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.

Eƒe agbenɔnɔ abe dukplɔla ene[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Jefferson gaʋli ho ake abe Democratic-Republicantɔwo ƒe ametiakɔdala ene le ƒe 1800 me eye wòɖu dzi. Wogatiae ake le ƒe 1804. Jefferson wɔ Louisiana Ƒle, si na United States ƒe lolome dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve.

Edɔ Lewis kple Clark Mɔzɔha la ɖa be woaɖatsa le anyigba si United States xɔ to Louisiana ƒe Nuƒle me la me. Ele be Jefferson nakpɔ aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzidoname gbɔ le eƒe zimenɔɣi evelia me. Great Britain kple France nɔ aʋa wɔm le eƒe dukplɔla ƒe ɣeyiɣiawo katã kloe me. Akpa ɖesiaɖe wɔ nusiwo ate ŋu ana United States nage ɖe aʋaa me hafi. Jefferson ku kutri vevie be United States nagage ɖe aʋawɔwɔa me o eye yemaganye eƒe akpa aɖeke o.

Eƒe agbenɔnɔ le dukplɔlanyenye megbe[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Jefferson ye dze Virginia Yunivɛsiti gɔme.[3]

Le Monticello la, Jefferson dzi vi geɖe na nyɔnu aɖe si wowɔ kluvi si ŋkɔe nye Sally Hemings. Esi wogbe vianyɔnu tsitsitɔ srɔ̃ la, eya kple viawo hã va nɔ Monticello.

Esi Britaintɔwo tɔ dzo Washington D.C. le ƒe 1812 ƒe Aʋawɔɣi la, wotɔ dzo agbalẽ geɖe siwo le Sewɔtakpekpea ƒe Agbalẽdzraɖoƒe. Jefferson dzra eya ŋutɔ ƒe agbalẽdzraɖoƒe be yeatsɔ aɖɔli agbalẽ siwo bu.

Eku le July 4, 1826 dzi le aklãdɔ si uremia sesẽ ta, le Ðokuisinɔamesi ƒe Gbeƒãɖeɖe ƒe ƒe 50 lia dzi. United States ƒe dukplɔla 2 lia, John Adams, ku gbemagbe ke, le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko megbe.

Nyatakakatsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. "Presidents". The White House. 
  2. "Frequently Asked Questions about Slavery at Monticello | Thomas Jefferson's Monticello". www.monticello.org. Retrieved 2018-07-13. 
  3. "University of Virginia History for kids". University of Virginia. 2008. Archived from the original on 27 May 2010. Retrieved 31 January 2010.