Jump to content

South Tongu Nutome

Tso Wikipedia
Amugã le Sogakɔƒɛ

South Tongu Nutome nye nuto wuiatɔ̃ siwo le Amuagã Nutoame le Ghana la dometɔ ɖeka . Woɖoe gbã abe nutome takpekpe dzro aɖe ene le March 10, 1989 dzi, si woɖo tso Tongu Nutome Aɖaŋudeha tsãtɔ, si woɖo to Sewɔtakpekpegbale 1466 me. Nutome takpekpea le Amugã Nutoame ƒe dzigbeɣetoɖoƒe gome eye Sogakɔƒe nye eƒe fiadu.[1]

Tɔsisi geɖewo le South Tongu Nutoame. Wo dometɔ siwo ɖe dzesi enye Chinnitɔsisi kple Todzitɔsisi. Amugã la sina yia nuto sia ƒe ɣetoɖoƒe gome.

South Tongu Nutoame ƒe liƒowo nye:

  • Volta-ta si le ɣetoɖoƒe kple dzigbeɣetoɖoƒe gome,
  • Dziehe Tongu Nutome le dzieheɣetoɖoƒe gome,
  • Akatsi South District le dzieheɣedzeƒe gome, eye
  • Keta Nutome le dzigbe gome.[2]
  1. https://www.ghanadistricts.com/Home/District/194
  2. https://www.ghanadistricts.com/Home/District/194