Jump to content

Sophie Ekoué

Tso Wikipedia

Sophie Ekoué, si wodzi le Anyɔnyɔ 1967 me le Niamey, nye Franse-Togo nyadzɔdzɔŋlɔla kple agbalẽŋlɔla. Ƒe 20 kloe enye sia la, ewɔa habɔbɔ ƒe magazinewo le RFI, vevietɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Littérature sans frontières.

Agbemeŋutinya[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Gɔmedzedzewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Sophie Ekoué le ƒe 1967 me le Niamey, Niger, le ƒome si me vi ade nɔ me. Fofoa, si nye Togo dukɔmeviwo ƒe dɔdzikpɔla, le Niamey. Etsi le Niamey kple eƒe ƒomea. Le ƒe 1978 me la, eƒe ƒomea dzo le Niger va nɔ Togo. Edzo le Togo le ƒe 1985 me esi wòxɔ eƒe ɖaseɖigbalẽ eye wòʋu yi France be yeayi yeƒe nusɔsrɔ̃ dzi. Eŋlɔ ŋkɔ ɖe Sorbonne afisi wòsrɔ̃ agbalẽ le, emegbe eva ge ɖe Paris Nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe Hehenaƒe afisi wòxɔ hehe le nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe dɔwɔwɔ me ƒe eve.

Dɔwɔwɔ abe Nyadzɔdzɔŋlɔla ene[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le eƒe hehexɔxɔ megbe la, ewɔ dɔ ƒe ʋɛ aɖewo na magazine si nye Marie Claire hafi trɔ yi Togo le ƒe 1990. Esi wòtrɔ gbɔ la, Togo radio kple television xɔe ɖe dɔ me afisi wòwɔ ɖeka tsɔ nyadzɔdzɔwo na le 8 p.m tso ƒe 1991 va ɖo ƒe 1993. Wodo ŋɔdzi nɛ elabena ƒe dunyahehe me ɖoƒewo, edzo le Togo le ƒe 1993 me eye wòva zu dunyahehe me sitsoƒedila le France. Woxɔe be wòanye nyadzɔdzɔŋlɔla na Radio Africa N°1 le Paris afisi wòwɔ dɔ le ƒe ɖeka hafi va ge ɖe Radio France Internationale ƒe ƒuƒoƒoa me. Ewɔa wɔna siwo nye Regards kple La case du coeur ƒe wɔnawo dzikpɔla. Le ƒe 1996 me la, ewɔ wɔna si nye Cahiers nomades be yeaƒo nu tso Afrikatɔwo ƒe dekɔnuwo ŋu si wòwɔ vaseɖe esime woɖe asi le wɔnaa ŋu le ƒe 2008. Emegbe ewɔ wɔna si nye Littérature sans frontières

Agbalẽŋlɔla[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Sophie Ekoué nye agbalẽ geɖe ŋlɔla. Wota eƒe agbalẽ gbãtɔ si ƒe tanyae nye Cuisine et Traditions, Recettes d’Afrique le ƒe 2003 me si Cauris ta. Le ƒe 2016 me la, eɖe agbalẽ si nye Wisdom of Africa ɖe go, si nye agbalẽ si ƒo nu tso Afrikatɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye kple dzixɔsewo ŋu. Sophie Ekoué hã nye ɖeklemiɖela le blema opera kple hadzidzi siwo me nyawo le ŋu.

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]