Paul Adeolu Adefarasin

Tso Wikipedia

paul Adeolu Adefarasin (wodzi le 25 Dzove 1963) nye Nigeriatɔ sɔlemehakplɔla kple television dzi nyanyuigblɔla. Enye Prelate kple Metropolitan Senior Pastor na House on the Rock sɔlemeha si ƒe dɔwɔƒegã le Lagos (Nigeria) eye eƒe alɔdzedɔwɔƒewo le du geɖe me le Nigeria godoo siwo dometɔ aɖewoe nye Port-harcourt kple Abuja, kpakple Johannesburg, South Africa kple London, UK. Enye The Experience (nyanyuiƒoƒo ƒe kɔnsɛt) ƒe Takpekpewɔla/Amegã hã.

Agbenɔnɔ le ɖevime[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Nigeria kple United States ye wonyii le.

Dᴐwᴐna[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Adefarasin de St Saviour ƒe suku le Ikoyi, kple Igbobi Kɔledzi le Yaba. Eƒe sekɛndrisuku dede le Haileybury Kɔledzi le England.[10] Eyi edzi srɔ̃ nu le Miami Yunivɛsiti, eye wòwu sukua nu kple Xɔtuɖaŋu ƒe Dzeside. Ewɔ dɔ le Florida hafi trɔ yi Nigeria.

Esrɔ̃ nu le Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃ƒe si le London afisi wòxɔ Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Diploma le.

Agbalẽwo tata[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Adefarasin ŋlɔ Kristotɔwo ƒe agbalẽ sue siwo wu 20 siwo ʋãa ame kple nyatakakamɔnu vovovowo, eye wòta wo ɖokui. Eƒe agbalẽ etɔ̃ nye esiwo Kristotɔ agbalẽtalawo kple emamalawo ta.

Ame ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le June 1995 me la, Adefarasin ɖe Ifeanyi Adefarasin (wodzi le September 16th 1972), si nye tugbedzedze fianyɔnu tsã eye fifia enye subɔla kple takpekpe me nuƒola si ŋu wodea bubui si wonya nyuie ɖe eƒe mɔkpɔkpɔ kple ŋusẽdodo ƒe gbedasi si me kɔ eye wòwɔa dɔ ta. Wo katã wodzi vi etɔ̃.

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]