Jump to content

Mathilde-Amivi Petitjean

Tso Wikipedia

Mathilde-Amivi Petitjean (wodzi le 19 Dzodze 1994[1][2]) nye Franse-Togotɔ tsikpedzifefewɔla. Eʋli ho na Togo le ƒe 2014 ƒe Dzomeŋɔli Olympics le kilometa 10 ƒe klassik duɖimekeke me.[3] Petitjean wu enu le nɔƒe 68 lia le eƒe duɖimekeke ɖeka kolia me le hoʋlila 75 dome, eye wòtsi megbe aɖabaƒoƒo ewo kloe le aʋadziɖula Justyna Kowalczyk si tso Poland gbɔ. Petitjean le mɔ kpɔm be yeƒe dzedzeme akpe ɖe Afrika sɔhɛwo ŋu be woakpɔ gome le dzomeŋɔli kamedefefewo me.[4]

Wodzi Petitjean le Togo, na Togo vidada si na mɔnukpɔkpɔe be wòaʋli ho ɖe dukɔa ta. Togo Ski Federation do ka kplii le Tedoxe 2013 me to Facebook dzi be wòaʋli ho na dukɔa le Dzomeŋɔli Olympics me. Petitjean nɔ eƒe agbe ƒe akpa gãtɔ le Haute-Savoie, France, afisi wòsrɔ̃ tsikpedzizɔzɔ le.[5]

Etsɔ Togotɔwo ƒe aflaga le ʋuʋu ƒe wɔnaa me.[6]

Eʋli ho na France vaseɖe esime wòtrɔ be yeaʋli ho na Togo.

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. Mumuni, Moutakilou (16 January 2014). "Togo: Sochi Olympics 2014 – Mathilde Petitjean Amivi Proud to Represent Togo". AllAfrica.com. Retrieved 19 May 2024. 
  2. "PETITJEAN Mathilde-Amivi". FIS-Ski. International Ski Federation. Retrieved 19 May 2024. 
  3. Laura (29 January 2014). "Le Togo allongera la liste des pays tropicaux aux jeux d'hiver". www.french.china.org.cn (in French). Retrieved 19 May 2024. 
  4. Willemsen, Eric (13 February 2014). "Togo's 1st Winter Olympian Wants to Inspire Africa". Associated Press (Krasnaya Polyana, Russia: ABC News). Retrieved 19 May 2024. 
  5. Spillane, Chris; Woussou, Kossi (7 February 2014). "Mathilde-Amivi Petitjean skis cross-country from France to Sochi via Togo". Sydney Morning Herald (Johannesburg, South Africa). Retrieved 19 May 2024. 
  6. "Sochi 2014 Opening Ceremony – Flagbearers l" (PDF). olympic.org. Sochi 2014 Olympic and Paralympic Organizing Committee. 7 February 2014. Retrieved 19 May 2024.