Komi Sélom Klassou

Tso Wikipedia

Komi Sélom Klassou (wodzi le February 10, 1960 nye Togo dunyahela. Enye Togo ƒe Dukplɔlagã tso ƒe 2015 va ɖo ƒe 2020.

Wodzii le kɔƒe si nye Notsé, le Haho. Yunivɛsiti ƒe ɖaseɖigbalẽ le esi le anyigbaŋutinunya me eye wònye ɖɔkta le tsi ƒe yame ƒe nɔnɔme ŋuti nunya me.

Exɔ Dekɔnuwo, Sɔhɛwo, Kamedefefe kple Sukudede ƒe dɔwɔƒewo eye emegbe wònye Dukɔa ƒe Sewɔtakpekpe ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ hafi Dukplɔla Faure Gnassingbé tiae Dukplɔlagã le June 5, 2015 dzi, le dukplɔla ƒe tiatia megbe. Eɖo eƒe dziɖuɖu si me ame 22 le (nyɔnu 4 hã le eme) le eƒe tiatia megbe eye wòna ŋkɔa na dutoƒo le June 28, 2015 dzi.

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]