Hepatitis A

Tso Wikipedia
Hepatitis A
Hepatitis AYimeko yesifo senyongo ebangelwa yi-hepatitis A
Hepatitis AYimeko yesifo senyongo ebangelwa yi-hepatitis A
Yimeko yesifo senyongo ebangelwa yi-hepatitis A
Memama kple Nusiwohia na dɔwɔwɔ tso teƒe bubuwo
ICD/CIM-10B15 B15
ICD/CIM-9070.0, 070.1 070.0, 070.1
DiseasesDB5757
MedlinePlus000278

Hepatitis A (si woyɔna tsa be infectious hepatitis) nye dɔlekui si nu se na akla tsona hepatitis A virus gbɔ (HAV).[1] Dɔa lele geɖe mefia dzesi boo aɖeke o vevietɔ le amesiwo metsi o la me.[2] Ɣeyiɣi tso dɔa ƒe gɔmedzedze yi eƒe dzesiwo gbɔ le ame siwo lenɛ me la le abe kɔsiɖa eve yi ade.[3] Ne dzesiwo dze la wonɔa anyi zi geɖe abe kɔsiɖa enyi esiwo nye: trutsɔame, trutru, afɔdzidedɔ, ŋutigbale ƒe fufuu, fever kple aŋɔmeɖuame.[2] Ame geɖewo abe 10–15% gakpɔa dzesiwo ƒe vava le dzinu ade tso dɔa lele zi gbatɔ megbe.[2] Akla ƒe gbegble kpata teaŋu dzɔna ɣeaɖewoyi vevietɔ le ametsitsiwo me.[2]

Emama toa nu ɖuɖu alo tsi nono siwo me dɔlekui mi le.[2] Gomekpa si womeɖa nyuie o la etsoƒe bɔbɔtɔ wu.[4] Woateŋu amae to kadodo kplokpui kple amesi lee la me.[2] Togbɔbe dzesi aɖeke me dzea le ɖeviwo ŋu edziedzi ne woxɔ dɔ sia hã la woateŋu aɖee na amebubuwo.[2] Ne elee zi ɖeka ko magalee le wo agbeme o.[5] Dɔlekuia kpɔkpɔ hia ʋu dodo kpɔ elebena eƒe dzesiwo sɔ kple dɔlele bubuwo.[2] Enye hepatitis virus atɔ siwo wonya: A, B, C, D, kple E.

hepatitis A ƒe vaccine la nye mɔxenu nyui.[2][6] Dukɔ aɖewo ɖoe anyi na ɖeviwo kple ame siwo axɔe bɔbɔe siwo medo abui o.[2][7] Edze abe awɔ dɔ le agbe ŋkekewo katã me.[2] Mɔxenu bubu aɖewoe nye asi kɔklɔ kple nu ɖaɖa nyuie.[2] Dɔdada mɔnu tɔxe aɖeke meli o, gbɔɖeme kple atike nono na trutsɔame alo afɔdzidede nyo le ɣeyiɣi si wohia la me.[2] Dɔlelea katã nu tsona zi geɖe ne akladɔ meli o.[2] Akladɔ sesẽ dada ne wodzɔ la toa akla bubu dede me.[2]

Le xexeame godoo la abe milion 1.5 ƒe dɔlelea ƒe dzesi dzena ƒe sia ƒe[2] eye million akpewo nye dɔa lelawo le wo katã me.[8] Ebɔ wu le xexeame ƒe akpa siwo medza o eye tsinono nyui hã mesu amewo o.[7] Le dukɔ siwo mede ŋugɔ o wome la ɖeviwo si de 90% la le dɔa hafi xɔna ƒe 10 eyata womegalene le tsitsi me o.[7] Edzɔna kpata le dukɔ siwo de ŋgɔ vie la me ne ɖeviwo melee hafi tsi o eye abidodo godoo hã mebɔ o.[7] Le 2010 me la, hepatitis A sesẽ ƒe dodo zu ame 102,000 ku.[9] Xexeame godoo ƒe Hepatisis Ŋukeke vana ƒe sia ƒe le July ƒe ŋkeke 28 dzi be woahe nufiamenyawo tso 'viral' hepatitis ŋu.[7]

Referensiwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. Ryan KJ, Ray CG (editors) (2004). Sherris Medical Microbiology (4th ed.). McGraw Hill. pp. 541–4. ISBN 0-8385-8529-9. 
  2. 2.00 2.01 2.02 2.03 2.04 2.05 2.06 2.07 2.08 2.09 2.10 2.11 2.12 2.13 2.14 2.15 Matheny, SC; Kingery, JE (1 December 2012). "Hepatitis A.". Am Fam Physician 86 (11): 1027–34; quiz 1010–2. PMID 23198670. 
  3. Connor BA (2005). "Hepatitis A vaccine in the last-minute traveler". Am. J. Med. 118 (Suppl 10A): 58S–62S. PMID 16271543. doi:10.1016/j.amjmed.2005.07.018. 
  4. Bellou, M.; Kokkinos, P.; Vantarakis, A. (March 2013). "Shellfish-borne viral outbreaks: a systematic review.". Food Environ Virol 5 (1): 13–23. PMID 23412719. doi:10.1007/s12560-012-9097-6. 
  5. The Encyclopedia of Hepatitis and Other Liver Diseases. Infobase. 2006. p. 105. ISBN 9780816069903. 
  6. Irving, GJ.; Holden, J.; Yang, R.; Pope, D. (2012). "Hepatitis A immunisation in persons not previously exposed to hepatitis A.". Cochrane Database Syst Rev 7: CD009051. PMID 22786522. doi:10.1002/14651858.CD009051.pub2. 
  7. 7.0 7.1 7.2 7.3 7.4 "Hepatitis A Fact sheet N°328". World Health Organization. July 2013. Retrieved 20 February 2014. 
  8. Wasley, A; Fiore, A; Bell, BP (2006). "Hepatitis A in the era of vaccination.". Epidemiol Rev 28: 101–11. PMID 16775039. doi:10.1093/epirev/mxj012. 
  9. Lozano, R (Dec 15, 2012). "Global and regional mortality from 235 causes of death for 20 age groups in 1990 and 2010: a systematic analysis for the Global Burden of Disease Study 2010". Lancet 380 (9859): 2095–128. PMID 23245604. doi:10.1016/S0140-6736(12)61728-0.