Jump to content

Fauziya Kassindja

Tso Wikipedia

Fauziya Kassindja[1] (wodzii le ƒe 1977, Kpalimé, Togo),[2] si woyɔna hã be Fauzia Kasinga, nye agbalẽ si nye Ðe Wosea Wò Ne Èfa Avi?[3] si nye eƒe agbemeŋutinya si ku ɖe eƒe gbegbe be yemabɔbɔ ye ɖokui ɖe kakia te o la ŋlɔla, si... Togotɔwo ƒe kɔnu si nye nyɔnuwo ƒe vidzinuwo ɖeɖeɖa, kple srɔ̃ɖeɖe dzizizitɔe.[4] Esi le Togo eye wòzɔ mɔ yi Germany gbã, afisi wòxɔ aʋatso mɔzɔgbalẽ le, eye emegbe wòyi United States afisi wòna amedzrowo ƒe amegãwo nya enumake be yeƒe nuŋlɔɖiwo nye alakpa eye wòbia sitsoƒe.[5]

U.S. Dukɔmevinyenye Kple Amedzrowo ƒe Dɔwɔƒe lée eye wodee gaxɔ me.[5] Fauziya ƒe ƒomea haya senyala aɖe, Layli Miller Bashir, be wòaʋli eƒe sitsoƒediƒe ta, eye eya hã bia kpekpeɖeŋu tso Karen Musalo, si nye sitsoƒedilawo ƒe seŋutinunyala bibi eye wònye Amerika Yunivɛsiti Dukɔwo Dome Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Dɔdaƒe ƒe dɔdzikpɔla teƒenɔla ɣemaɣi.[6] Wona sitsoƒe Fauziya le Masa 13, 1996 dzi, le nyametsotso ɖedzesi si nye Matter of Kasinga me.[6]

Le ƒe 2002 me la, Kassindja tsɔ nuŋɔŋlɔ aɖe si woyɔna be Remaining Whole While Behind Bars na agbalẽ si nye That Takes Ovaries!: Bold Females and Their Brazen Acts (Three Rivers Press, 2002). Enɔ Alexandria, Virginia.[2]

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. "Biography of Fauziya Kassindja". PBS – Speak Truth To Power. Retrieved 19 May 2024. 
  2. 2.0 2.1 "Fauziya Kassindja". Penguin Random House. Penguin Random House Website. Retrieved 19 May 2024. 
  3. Kassindja, Fauziya (1998). Do they hear you when you cry. Bashir, Layli Miller. New York, N.Y.: Delacorte Press. ISBN 9780385319942. OCLC 38105495. 
  4. TahirihJusticeCenter (1 May 2014). "Our Early History: Fauziya Kassindja's Legal Victory". Retrieved 19 May 2024. 
  5. 5.0 5.1 Dugger, Celia W. (11 September 1996). A Refugee's Body Is Intact but Her Family Is Torn. The New York Times. ISSN 0362-4331. Retrieved 19 May 2024. 
  6. Do They Hear You When You Cry? by Fauziya Kassindja PenguinRandomHouse.com.