Jump to content

Dzigbe ŋkɔ

Tso Wikipedia

Dzigbe ŋkɔ enye ŋkɔ si wotsɔna na amewo si fiaa ŋkeke si dzi woƒe dzigbe dze. Ŋkɔ siawo tsɔtsɔ bɔ ɖe Bluɔwo kple Eʋeawo dome le Ghana. Ekaka yi Jamaica hãa le Amerika nutowome. Ŋkɔawo to vovo na ŋutsuwo kple nyɔnuwo.

Robert Sutherland Rattray ("Captain R.S.Rattray") srɔ̃nu geɖe le Asanteawo ŋu vayi eye wògblɔ be "Dzigbe ŋkɔ le Asante vidzidzi ɖesiaɖe si". Wofia ŋkɔ siawo le Eʋegbe kple Blugbe me le afii.

Dzigbe ŋkɔwo
Ŋutsuwo Nyɔnuwo
Dzigbe ŋkeke Eʋegbe Blugbe Eʋegbe Blugbe
KɔsiɖagbeKɔsiKwesi / KwasiEsi / Kɔsiwa / Kɔsiwɔ / AwusiAkosua / Akos
DzoɖagbeKɔdzo / Kwadzo / KudzoKwadwoAdzo / AdzoaAdwoa
BrãɖagbeKɔmla / Kɔbla / KwablaKwabenaAbrãAbena
KuɖagbeKɔku / Awuku / AkumɛKwakuAku / Akua /Aku / Akua
YawoɖagbeYao / Kɔwu /YawYawa / Awo / Awotɔ / AwoyoYaa
FiɖagbeKofiKofiAfi / Afua / Afiyo / Afitɔ / AfiwɔAfua / Afia / Effe
MemleɖagbeKɔmi / KwamiKwameAma / Ami /Ameyo / AmeAma

Eʋeawo tsɔ na vi alo ga kpe na ɖe dzigbe ŋkɔ siawo nu he tsɔ na doa dzesi amea ƒe nɔnɔme. Le kpɔɖeŋu me, Kɔku kple vi zu na Kɔkuvi eye Yao kple ga zu na Yaoga