Jump to content

Delali Ayivi

Tso Wikipedia

Delali Ayivi, si wodzi le Baltimore (Amerika), nye Togotɔ kple Dzamanyatɔ fotoɖela.

Wodzi Delali Ayivi tso Dzamanyatɔ dada kple Togotɔ fofo gbɔ. Enɔ Dzamanya vaseɖe esime wòxɔ ƒe wuiatɔ̃, emegbe eyi Malawi. Esi wòwu suku sekɔndri nu vɔ la, esrɔ̃ nu le London Yunivɛsiti ƒe Aɖaŋudɔwo me. Emegbe exɔ ɖaseɖigbalẽ tso London ƒe Atsyãwo ƒe Kɔledzi. Egbea la, ele Lomé (Togo) kple New York dome.

Tɔgbuitɔgbuia, Alex Agbaglo Acolase, nye Togo ƒe fotoɖela gbãtɔwo dometɔ ɖeka. Delali dze exɔlɔ̃wo kple eƒe ƒometɔwo ƒe fotoɖeɖe gɔme tso eƒe ɖevime ke. Eƒe dɔwɔna eve, Ɣetoɖoƒe kple Afrika, ƒe nɔnɔmetatawo kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ, woƒe dekɔnuwo kple woƒe ŋutinya dzi.

Ekpɔe be womenya Togo boo le atsyã ƒe akpa dzi o, to vovo na Afrika dukɔ bubuwo abe Nigeria, Ghana, Côte d’Ivoire kple Senegal ene. Eyata edi be yeakpɔ gome le atsyã tutuɖo me le Togo.

Le esia ta, Delali dze “Togo Yéyé” dɔa gɔme le ƒe 2019 me (“New Togo” le Iŋlisigbe me) kple Malaika Nabillah. Woƒe taɖodzinu nye be yewoaɖe yewoƒe nutoa me tɔwo kple Togo ƒe dekɔnu kple nutovɛwo fia, eye yewoade bubu yewoƒe nutoa me tɔwo ŋu to nutala yeyewo ɖeɖefia me, vevietɔ le Lomé ƒe atsyãwɔƒea.

Kple dukɔmenɔnɔ ƒe susu kple pan-Africa ŋutega, Togo Yéyé wɔlawo xɔe se be ele be nutala siwo tso Afrika dukɔ vovovowo me natso woawo ŋutɔ ƒe dzesidenu me atu Afrikatɔwo ƒe dekɔnu ŋutɔŋutɔ ɖo ɖekae. Woɖe Togo Yéyé dɔa fia le Foto Vogue 2021 ƒe azãɖuƒe eye wòxɔ Blemanudzraɖoƒe Yeye ƒe Fetu 2022. Ph. Lomé Fiasã de dɔ asi na ame ŋutɔ ƒe ɖeɖefia le Dzodze 2022 me.

Tso ɣemaɣi la, Delali wɔ dɔ eve, Heimat (le karantini me) kple ŋugbledede le “Heimat” ŋu. Dɔ siawo xɔ Foam Talent 2021 ƒe tanya eye wotia wo hã ɖo ŋgɔ na Taylor Wessing National Portrait Gallery ƒe fetu.

Nyatakaka siawo tsoƒewo

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]