Jump to content

Clarisse Agbegnenou

Tso Wikipedia

Clarisse Bogdanna Agbegnenou (wodzi le 25 Lele 1992) nye Franse judokatɔ.[1][2] Esi wònɔ ho ʋlim le −63 kg kpekpeme ƒe hatsotso me la, exɔ Europa ƒe tanyenye le ƒe 2013 me, xexeame ƒe tanyenye le ƒe 2014 me, Olympic klosalo medaasi le ƒe 2016 me, kple Olympic sika medalẽ le ƒe 2020 ƒe Dzomeŋɔli Olympics le Siamlɔm 2021 me.

Agbemeŋutinya[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Togotɔ dzilawoe dzi Agbegnenou; dukɔmevinyenye eve le esi eye kadodo sẽŋu le wo kple dukɔ eveawo dome. Togo ƒe dukplɔla Faure Gnassingbe ŋutɔ do dzidzɔ nɛ esi wòɖu xexeame ƒe tanyenye dzi le ƒe 2014 me vɔ megbe.

Exɔ klosalo medaasi le ƒe 2016 ƒe Dzomeŋɔli Olympics me eye wòxɔ sika medaasi le ƒe 2020 ƒe Dzomeŋɔli Olympics.[3][4]

Ewu suku nu le HEC Paris.[5]

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. "Clarisse Agbegnenou". Judo Inside. Retrieved 19 May 2024. 
  2. IJF profile
  3. "Judo - AGBEGNENOU Clarisse". Tokyo 2020 Olympics. Tokyo Organising Committee of the Olympic and Paralympic Games. Archived from the original on 26 July 2021. Retrieved 19 May 2024. 
  4. "Judo Results Book" (PDF). 2020 Summer Olympics. Archived from the original (PDF) on 1 August 2021. Retrieved 19 May 2024. 
  5. Clarisse Agbegnenou, médaille d’or de judo aux JO de Tokyo et étudiante à HEC