Chidinma and Chidiebere Aneke

Tso Wikipedia

Chidinma kple Chidiebere Aneke nye venɔvi siwo sɔ le Nollywood dɔwɔƒe si ame geɖe yɔna be Aneke venɔviwo. Wodzi wo le Nigeria ƒe dzigbeɣedzeƒe gome, Enugu Nutome tututu eye woawoe nye nya mamlɛtɔ na Aneke ƒomea. Wonye fefewɔlawo kple sinimawɔlawo.[1]

Ɖevimenɔɣi kple sukudede[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Chidinmma kple Chidiebere le 6 Dasiamime 1986 dzi le Enugu State, Nigeria ɖe srɔ̃ geɖe ƒe aƒe si me srɔ̃ etɔ̃ le me. Fofo kesinɔtɔ aɖe nɔ wo si si kpɔa egbɔ be wodzra wo ɖo nyuie gake nuwo trɔ esi wo fofo ku eye woma eƒe nunɔamesiwo ɖe ƒome gã me tɔwo dome. Woxɔ woƒe Gɔmedzesuku ƒe Dzodzo ƒe Ðaseɖigbalẽ kple Sekɛndrisuku ƒe ɖaseɖigbalẽwo le Enugu Nutome. Le woƒe gɔmedzesuku kple sekɛndrisuku megbe la, Chidinma kple Chidiebere yi Nigeria Yunivɛsiti, Nsuka afisi wowu suku nu le kple Bachelor le Mass Communication kple Bachelor le Gadzraɖoƒe kple Ganyawo me le wo nɔewo yome.[2]

Dᴐwᴐna[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Aneke venɔviawo va ge ɖe Nollywood dɔwɔƒea le ƒe 1999 me eye wowɔ akpa le sinima ‘Ebuka’ si dzɔ be enye woƒe sinima gbãtɔ me. Sinima si nye ‘Ebuka’ na wokpɔ ŋgɔyiyi le Nollywood me. Le ƒe 2004 me la, Aneke venɔviawo xɔ ŋkɔ kple sinima si nye ‘Desperate Twins’ si na woɖo wo ɖe The Most Promising Acts to Watch le African Magic Viewers’ Choice Award me. Wowɔ akpa aɖe le sinima siwo wu 80 me. Wowɔ Nollywood sinima geɖewo abe; ‘Isiaku ƒe Dzi’, ‘Onochie’, ‘Dzidzedzekpɔkpɔ Gbãtɔ’’, kple ‘Adaora’.

Sinimawo ƒe nɔnɔmetatawo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Xɔlɔ̃ Ŋuʋaʋãwo.

Vevitɔ Siwo Mɔkpɔkpɔ Bubu Le.

Lagos Nyɔnuviwo.

Didi be yeaxɔ ŋkɔ si gblẽ.

Kafukafuwo nana[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Amegbetɔ ƒe Kpekpeɖeŋunana ƒe Kafukafu.

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. "Nollywood’s Aneke Twins Bubbling @ 32 - THISDAYLIVE". THISDAYLIVE. 2018-08-11. Retrieved 2018-11-17. 
  2. "Actresses Aneke Twins Full Biography - TIN Magazine". TIN Magazine. 2017-04-22. Retrieved 2018-11-17.