Jump to content

Bella Bellow

Tso Wikipedia

Georgette Adjoavi Bellow (Tsévié, Togo, 1 Dzove 1945 – 10 Dzome 1973), si wonya nyuie wu be Bella Bellow, nye Togo hadzila si wɔ dukɔwo dome haƒoƒo eye wòlé haƒogbalẽ geɖewo ɖe mɔ̃ dzi. Eku esime wòxɔ ƒe 28 le ʋufɔku aɖe me le Togo.

Wodzii le Tsévié, Togo, na Togotɔ fofo si tso Nigeria eye dadaa nye Ghanatɔ.[1] Bellow ƒe dukɔwo dome fefe gbãtɔe nye le ƒe 1966 me, esime wònɔ Togo teƒe le Xexeame ƒe Ameyibɔwo ƒe Aɖaŋudɔwo ƒe Ŋkekenyui Gbãtɔ me le Dakar, Senegal. Eƒe haƒogbalẽ gbãtɔ si ŋkɔe nye Rockya do le ƒe 1969 me.[2] Le albɔm la me la, Camerountɔwo ƒe haƒoha si me Manu Dibango le kpe ɖe eŋu, le saxophone, keyboards kple arrangement dzi, Jeannot Madingué le bass dzi, Slim Pezin le gita dzi eye Ben tɔ le drums dzi

Eƒo ha le Paris Olympia eye wòlé ha kple Manu Dibango. Bella Bellow kpɔ ŋusẽ ɖe Angélique Kidjo[1] kple Afia Mala[3] dzi.

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. 1.0 1.1 "Bella Bellow". discogs. 
  2. Gates, Professor Henry Louis Jr.; Akyeampong, Professor Emmanuel; Niven, Mr Steven J. (2 February 2012). Dictionary of African Biography. OUP USA. ISBN 9780195382075. 
  3. "Afia Mala – Biography". Archived from the original on 14 June 2009.