Avu

Tso Wikipedia
Dzo yi: kuɖɔɖoɖo, dii
Avu le kɔ ɖim

Avuwo (Latin ŋkɔ: Canis lupus familiaris ) (Iŋlishi ŋkɔ: Dog )wonyé lãfɔne si do ƒome kple amegãxi ƒomea. Wonyi na avuwo ɖe hamehame si woƒe gbɔsɔsɔ alo alafawo me. Le esia ta la, vovototowo sɔgbɔ ɖe woƒe atsudzɔdzɔ, ŋutilãgbalẽwo kpakple fuwo do me ɖo. Ameaɖewo wonyina avuwo abe aƒemelã ene eye ame bubuwo hã zãa wo abe nuɖuɖu ene.

Xɔlɔ̃wɔwɔ kple amewo[trɔ asi le eŋu]

Amewo ƒe xɔlɔ̃ ɖeka

Avuwo nyé aƒemelã do ŋgɔ dome tɔwo ɖeka. Ameaɖewo kpɔa avuwo abe nuteƒewɔlawo ene. Wolɔ̃na amewo ŋutɔ eye wolɔ̃na kɔɖiɖi kple amewo hã.

Nunyanya[trɔ asi le eŋu]

Ame geɖe wo xɔese bena avuwo ƒe susuwo de ŋgɔ wu lã bubuwo tɔ. Avu si Iŋglisiawo yɔna be Border Collies la, teŋu srɔ̃na sewo tso amewo gbɔ, he wɔna ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Avu ƒome bubuwo hã fía woƒe nunya le alesi wo teaŋu sí na tso hɔdodowo megbe alo le alesi me wo teaŋu fina nuɖuɖu si le wo dzrom ene. Avuwo wɔna dɔ geɖewo hã. Wo kpena ɖe dɔwɔlawo si wo xɔna na ame búbúwo kple ame siwo le xaxa me la ŋuti. Wo kpena ɖe kpovitɔwo hã ŋu. Wo dometɔ aɖewo nyo na nuwo didi, amewo didi kpakple aƒewo ŋu dzɔdzɔ. Avua ɖe wo nyona lãwo kpɔkplɔ, ŋkugbagbatɔwo kpɔkplɔ kpakple adedada.

Nɔnɔmea ɖe wo[trɔ asi le eŋu]

Le esime avuwo do ƒome kple amegãxiwo ta la, wo bi ɖe adedada me ŋutɔ. Wo ƒe glã titri wo kple wo ƒe aɖu ɖaɖɛwo kpea ɖe wo ŋuti le lãwo léle kple wo ɖuɖu me. Wo nye dusila sesẽwo hã eye wo ɖea abla ŋutɔ, gake wo metea ŋu sia du yi na didiƒe o. Avuwo ƒe nukpɔkpɔ nyo ŋutɔ gake wo me te ŋu kpɔa nuwo katã ƒe amadede nyuie o. Wo ƒe nusese hã nyo wu amegbetɔwo tɔ. Avuwo ƒe ʋeʋẽsese do ŋgɔ na amewo tɔ siãa.

Dɔwɔwɔwo[trɔ asi le eŋu]

Avuwo nye kpeɖeŋutɔ na amewo le vo geɖewo me
  • Adedada - Avuwo bi ɖe gbemelãwo lele me.
  • Akɔfafa
  • Aʋawɔwɔ
  • Xɔxɔ na ame - Avuwo sea ʋeʋẽ kaba ŋutɔ eyata wotea ŋu kpɔa ame búbúwo le ɣaɣlaƒewo.
  • Kpekpeɖeŋu nana - Kpeɖeŋutɔ na ŋkugbagbatɔwo, tokukutɔwo kple dɔlela ƒomevi vovovowo.
  • Kpovitɔwo ƒe kpeɖeŋutɔ - Avuwo kpe na ɖe kpovitɔwo ŋu le go geɖe me.
  • Lãwo kpɔkplɔ - Wotea ŋu kplɔna alẽwo nyíwo kpakple lã bubuwo tso teƒe ɖeka yi na bubui.
  • Nuwo didi - Woƒe nuwoʋeʋẽ nyo alegbegbe wo kpɔa nuɣaɣlawo bɔbɔe eye kpovitɔwo kple asrafowo zãa wo ɖe esia ta.
  • Nuwoŋu dzɔdzɔ - Avu ƒomea ɖewo dzɔa amewo kple aƒewo ŋu nyuie ŋutɔ.

Ɖikeke[trɔ asi le eŋu]

Amea ɖe wo nyina avuwo na ɖikeke ko. Wo wɔna ga zã tso esia me. Ɖikekeawo dome tɔa ɖe wo enye dusisi, tugbedzedze kple dɔdeasiwo wɔwɔ me ɖe se dzi.

Nuɖuɖu[trɔ asi le eŋu]

Togbɔ be avuwo nye lãɖulawo gɔ̃ hã, wo ɖuna nuɖuɖu tɔgbi desiaɖe kloe fãa. Le kpɔɖeŋu me, wo ɖuna gbe abe alẽwo kple gbɔ̃wo ene. Nuɖuɖu ʋe siwo me nyo na avuwo o la dometɔawo aɖe woe nye nuɖuɖu siwo me koko le, sabalawo, weintsetsewo, weintsetse ƒuƒuwo kple azi ƒomevi ʋea ɖe wo. Le ƒe 2000 me la, nusrɔla ɖe wo va dzesii be ne avuwo ɖu weintsetsewo alo weintsetse ƒuƒuwo suea ɖe ko la, ewɔna anyira ɖe avuawo ƒe ayikuwo ŋuti.

Vidzidzi[trɔ asi le eŋu]

Avunɔ kple viawo

Avufẽwo ɖoa tsitsi me tso ƒe ɖeka yi ɣleti wuiatɔ̃ megbe. Avunɔwo ƒe asiyɔyɔ dzɔa zi eve le ƒe ɖeka me. Ne avunɔ mele asi yɔm o la, melɔ̃na dɔdɔ kple atsuawo o. Ne avunɔ fɔfu la, edzia viawo le kɔsiɖa asieke lɔƒo megbe. Zi geɖe la, wo ƒe fufɔfɔ ƒe didime dea kɔsiɖa enyi vaseɖe ewo sɔŋ. Avuwo dzia viwo abe ade lɔƒo zi ɖeka, gake woƒe gbɔsɔsɔ me teŋu nɔa ene kple wuieve dome.

Lamesesẽ[trɔ asi le eŋu]

Avuwo lea dɔ abe amegbetɔwo ene gake woƒe dɔlele ƒomeviwo dometɔa ɖe wo to vovo na amewo tɔ. Dɔléle sia ɖe wo enye rebis. Ne avu le rebis dɔ lem la, evɔna na tsi nono. Dosuwo kple ŋɔwo hã ɖea fu na avuwo. Dɔléle bubwo si le avuwo me enye ali dɔ, klo dɔ, ŋkugbagba kple tokuku. Amegbetɔwo ƒe dɔléle aɖe wo abe suklidɔ hã ɖea fu na avuwo.

Avu geɖe wo nɔna agbe ƒe wuietɔ̃ yi wuiene lɔƒo ene. Avu gã wo nɔa agbe ƒe adrẽ ko gake avu sue wo nɔa agbe va ɖo ƒe bla eve sɔŋ. Avu si nɔ agbe wo didi wu le xexeame, si wo ŋlɔ daɖi enye avu si Inglisiawo yɔna be Australian cattle dog si ku le ƒe 1939 me le Amerika. Éxɔ ƒe blaeve-vɔ-asieke (29) kple ŋkeke blaeve-vɔ-andrẽ (27) sɔŋ.[1] Avua ɖe le Inglisiawo de xɔ ƒe blaeve-vɔ-asieke (29) le ƒe 2007 me.[2]

Avuwo ɖuɖu[trɔ asi le eŋu]

Le xexeame ƒe dukɔa ɖe wo me la, wonyina avuwo na ɖuɖu. Yuroptɔwo kpakple Amerikatɔwo bua avuwo ɖe aƒemelãwo me ko. Vietnamtɔwo hã, wonyina avuwo na ɖuɖu kpakple aƒeme nɔnɔ katã.

Mohamed subɔsubɔ[trɔ asi le eŋu]

Mohamed ƒe subɔlawo kpɔa avuwo abe lã tsitsriwo siwo ŋuti mekɔ o.

Kpɔɖeŋuwo[trɔ asi le eŋu]

  1. Avu si nɔ agbe didi wu le xexeame
  2. Avu si tsi wu le xexeame egbe ƒe tata

Nuxexlẽ bubuwo[trɔ asi le eŋu]