Jump to content

Angèle Aguigah

Tso Wikipedia

Angèle Dola Akofa Aguigah (wodzi le Dzome 4, 1955) nye Togotɔ blematomenukulawo kple dunyahela. Enye nyɔnu blematomenukulawo gbãtɔ tso Togo, eye le ƒe 2017 me la, wona bubue be “Amegbetɔ ƒe Kesinɔnu Agbe si le Togo“.[1]

Agbemeŋutinya[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Angèle Dola Akofa Aguigah le Dzome 4, 1955 dzi le Lomé, Togo, afisi wòtsi le.[1] Esrɔ̃ nu le Paris I Yunivɛsiti, Pantheon-Sorbonne tso ƒe 1978 va ɖo ƒe 1986, afisi wòwu suku nu le kple ɖaseɖigbalẽwo le: Mɔɖegbalẽ le Blemanuwo Kple Aɖaŋudɔwo ƒe Ŋutinya me; MA le Afrikatɔwo ƒe Blemanuwo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe; Nusɔsrɔ̃ Deŋgɔwo ƒe Diploma; PhD le Afrikatɔwo ƒe Blemanuwo Ŋuti Nusɔsrɔ̃ me.[1][2] Enye agbalẽnyala ʋee siwo xɔ PhD eve le Ɣetoɖoƒe Afrika la dometɔ ɖeka - ewu suku nu kple evelia le ƒe 1995 me le Jean Devise ƒe dzikpɔkpɔ te le Paris Yunivɛsiti 1 Pantheon-Sorbonne.[1][2]

Dᴐwᴐna[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Tsɔ kpe ɖe blematomenukudɔ dzidzedzetɔe ŋu la, Aguigah hã xɔ dunyahehe ƒe ɖoƒe kɔkɔwo le Togo Dziɖuɖua me.[3]

Blemanuwo ŋuti nunya[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Aguigah nye Togo ƒe Blemanuwo Ŋuti Ðoɖowɔha ƒe tatɔ eye wònye nufialagã le Lomé Yunivɛsiti kple Kara Yunivɛsiti.[1] Enye dukɔwo dome aɖaŋuɖola le dekɔnuwo ƒe domenyinu ŋu eye wòƒo nuƒo geɖe.[1] Ewɔ numekuku tso anyigbadzinu siwo wozãna tsã ŋu le Togo.[4] Numekuku sia ku ɖe numekuku aɖe si wowɔ le zewo ƒe anyigbatatawo ŋu le Tado.[5] Numekuku sia ɖee fia hã be blematomenukudɔwo dzɔ le afima tso ƒe alafa wuiɖekɛlia me ke.[5]

Ekpɔ blematomenukulawo ƒe tomenukuku dzi le Notsé, Tado, Dapaong, Nook (Togo), kple Bè teƒewo.[1] Eƒe numekuku le Notsé ɖee fia be womezãa anyigbadɔ siwo wotu ɖe afima hena ametakpɔkpɔ o, ke boŋ be woatsɔ aɖe teƒea gɔme be eto vovo le hadome.[6] Le eƒe nuwɔwɔ aduadu kple Nicoue Gayibor ta la, woƒe tomenukukuwo te ŋu ɖee fia be nuto blaetɔ̃ vɔ etɔ̃ siwo le Notsé la nye ƒomewo ƒe xɔwo.[7] Ewɔ ɖoɖo ɖe Xexeame ƒe Domenyinu Teƒe ƒe dɔbiagbalẽviwo xɔxɔ ŋu na Togo, eye wòtsi dzi vevie ɖe agado siwo le Nook kple Mamproug ŋu.[1]

Dunyahehe[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Nuteƒekpɔkpɔ si su Aguigah si le blematomenukulawo kple domenyinu me na be dɔwɔwɔ le dziɖuɖu me va zu eƒe dɔa ƒe akpa evelia. Tso ƒe 2000 va ɖo ƒe 2003 me la, enye Dziɖuɖumegã ƒe Teƒenɔla le Prime Minister ƒe Dɔwɔƒe si kpɔa Togo ƒe Dɔwɔƒe siwo nye ame ŋutɔ tɔ dzi.[1] Tso ƒe 2003 me la, enye Togo ƒe Dekɔnuwo ƒe Dɔdzikpɔla.[8] Le eƒe subɔsubɔdɔa me la, wode Koutammakou ƒe Dekɔnuwo ƒe Nɔnɔme agbalẽ me be enye Xexeame ƒe Domenyinu kple dukɔa ƒe gomekpɔkpɔ le eme ƒe ɖoɖo.[1] Ede dzi ƒo hã be woatsɔ dekɔnudɔwɔƒewo ade asi na amewo le Togo, be woatsɔ awɔ nutome mɔnukpɔkpɔ geɖe wu.[1]

Le ƒe 2012 me la, Aguigah va zu Dukɔa ƒe Tiatiawɔha si le eɖokui si (CENI) ƒe dɔdzikpɔla le Benin.[9][10] Eƒe ɣeyiɣi si wònɔ CENI la menye nyaʋiʋli manɔmee o: eɖe gbeƒãe be woateŋu awɔ tiatia le Dame 2013 me, do ŋgɔ na ŋkeke si dziɖuɖua nɔ mɔ kpɔm be enye Lele, si na dziɖuɖua tsi tre ɖe eŋu.[11] Enye RTP ƒe ametiakɔdala le ƒe 2007 ƒe sewɔtakpekpe me do ŋgɔ.[12] Eƒo nu faa tso alesi wòhiã be woade ga ememe kple egodo ɖe Togo ƒe blematomenukulawo ƒe domenyinu ŋu.[13]

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. 1.00 1.01 1.02 1.03 1.04 1.05 1.06 1.07 1.08 1.09 1.10 N'Dah, Didier (2014). Smith, Claire, ed. Aguigah, Angèle Dola. Encyclopedia of Global Archaeology (Springer New York). pp. 119–121. ISBN 978-1-4419-0426-3. doi:10.1007/978-1-4419-0465-2_2361. Retrieved 19 May 2024. 
  2. 2.0 2.1 Aguigah, Angèle (1 January 1995). Pavements et terres damées dans les régions du Golfe du Bénin : enquête archéologique et historique. Paris 1. 
  3. "Bonsoir, Afrique". french.china.org.cn. Retrieved 19 May 2024. 
  4. Aguigah, Dola Angèle (2018). Archéologie et architecture traditionnelle en Afrique de l'Ouest : le cas des revêtements de sols au Togo : une étude comparée. Paris. ISBN 978-2-343-15637-8. OCLC 1081427015. 
  5. 5.0 5.1 Haour, Anne (16 October 2018). Two thousand years in Dendi, northern Benin: archaeology, history and memory. Leiden. p. 1. ISBN 978-90-04-37669-4. OCLC 1047531915. 
  6. Monroe, J. Cameron (18 August 2014). The pre-colonial state in West Africa : building power in Dahomey. New York NY. p. 55. ISBN 978-1-139-95786-1. OCLC 880877970. 
  7. Apoh, Wazi (25 July 2019). Revelations of dominance and resilience : unearthing the buried past of the Akpini, Akan, Germans and British at Kpando, Ghana. Legon-Accra, Ghana. p. 97. ISBN 978-9988-8830-4-1. OCLC 1112131345. 
  8. Turner, Barry (2017). The Statesman's Yearbook 2005: the Politics, Cultures and Economies of the World (141th ed.). London: Palgrave Macmillan Limited. p. 1579. ISBN 978-0-230-27133-3. OCLC 1084379181. 
  9. admin2712 (13 November 2012). "Prochaines Législatives: Mme Angèle Dola Akofa Aguigah prend la tête de la CENI". La Premiere Agence de Presse Privee Au Togo (in French). Retrieved 19 May 2024. 
  10. TogoPortail, Par Admin (13 November 2012). "Préparation en grande pompe des élections législatives : Mme Angèle Dola Akofa AGUIGAH élue présidente de la CENI ce lundi". Togoportail (in French). Archived from the original on 10 June 2020. Retrieved 19 May 2024. 
  11. "Togo : l'opposition conteste la tenue des législatives en juillet – Jeune Afrique". JeuneAfrique.com (in French). 16 May 2013. Retrieved 19 May 2024. 
  12. Africa yearbook. Volume 9, Politics, economy and society south of the Sahara in 2012. Mehler, Andreas,, Melber, Henning,, Walraven, Klaas van, 1958-. Leiden. 12 September 2013. p. 198. ISBN 978-90-04-25600-2. OCLC 860905211. 
  13. "Au Togo, trois archéologues - pour l'ensemble du pays -". L'Orient-Le Jour. 5 January 2001. Retrieved 19 May 2024.