Ako

Tso Wikipedia
Dzo yi: kuɖɔɖoɖo, dii
Ako si Eŋglisiawo yɔna be Buberel Green parrot

Akowo (IPA:/ 'ɑːkəʊˌwəʊ /) nye xe ƒomevi ɖeka si wole hame abe 350 sɔŋ. Womanaa xe siawo ɖe akpa gã eve me. Woyɔna wo le Eŋglisigbe me be cockatoo kpakple parrot. Akowo bɔ ɖe xexeame dukɔwo si me dzoxɔxɔ sɔgbɔ le la me.

Nuɖuɖu[trɔ asi le eŋu]

Akowo ɖua nukuwo, seƒoƒowo kple nutsetsewo. Woƒe nuɖuɖu vevetɔ enye nukuwo. Wo dometɔa ɖewo dea ade hã. Le kpɔɖeŋu me, akoa ɖewo fɔna abɔbɔ.

Nunyanya[trɔ asi le eŋu]

Xe siawo srɔ̃a amegbetɔwo ƒe nuƒoƒo alebe ne egblɔ nyaa ɖe le wogbɔ la, woa gbugbɔe agblɔ nya ma na wò tsa. Nusrɔ̃la aɖewo fia be ako aɖewo sena egbegbɔgblɔ aɖewo gɔme. Ako eve siwo ŋkɔwo enye Alex kpaple N'kisi la, wonye ako tɔxewo. Alex srɔ̃ nuwo ƒe ŋkɔwo eye eteaŋu xlẽa nuwo ƒe gbɔsɔsɔ eye wòƒoa nu le nuwo ŋuti. N'kisi hã srɔ̃ nyawo abe akpe ɖeka sɔŋ, eye wòteaŋu zãa nya siawo pɛpɛpɛ hã.[1]

Akowo kple amegbetɔwo[trɔ asi le eŋu]

Wo ƒe gbɔsɔsɔ[trɔ asi le eŋu]

Akowo le vɔvɔm le xexeame. Wo xɔe se bena amewo le wo le dzram zã akpa. Evelia la, xɔ tutu kpakple amewo ƒe agbenɔnɔ na wo ƒe atɔwo wɔƒewo le vɔvɔm. Le esiawo ta la, dukɔ aɖewo wɔ se fifia bena amewo megakpɔ mɔ ale akowo le gbe me adzra o.

Aƒemelãwo[trɔ asi le eŋu]

Tso blema ŋɔli ke la, amewo nyi akowo abe aƒemelãwo ene. Togbɔ be wodzi menya kpɔna o hã, wo ƒe nuƒoƒo kpakple tugbedzedze na be amewo lɔ̃a wonyinyi daa. Ako aɖewo nɔa agbe gbɔ ƒe blaenyi dzi sɔŋ. Eɖewo hã nɔa agbe ƒe ʋe aɖe ko. Le ƒe 1992 me la, "USA Today" agbalẽ ŋlɔ be akowo siwo nyim wo le le Amerika ƒe xexleme ɖo 11 miliɔn. [2].

Akowo dzadzra[trɔ asi le eŋu]

Ako dzadzra nye ta ɖu na dukɔwo geɖe elabena ako lelawo mewɔna se dzi zi geɖe o. Esia tso woƒe asixɔxɔ me ta. Amea aɖewo awɔ nusianu be yewoa le ako adzra awɔ kɔba vie. Wo mega buna akoa wo ƒe nyuie o. Dukɔwo wɔ sewo si xe mɔ na akowo lele fãa le teƒewo zã gake sedzidalawo ga sɔgbɔ ko.

Nuŋɔŋlɔwo tso teƒe bubuwo[trɔ asi le eŋu]