Afrikatɔwo ƒe mɔzɔzɔ yi Europe

Tso Wikipedia

Afrikatɔwo yizɔmɔ yi Europe nye ame siwo le Europe eye wo nye Afrika vi dzidziwo.

Ŋutinya[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Romantɔwo ƒe dzidula, Septimius Severus le Afrika Gbegadzi si nye egbe Libya. Afrika gbegadzitɔwo ʋu yi Britain le Romantɔwo ƒe dzidudume.[1][2] Wokpɔ Britishi yevu ŋutsu adewo si tɔ ƒome nkɔ deka be ʋukɔme dzidzi yike tso Sub Sahara afrika nutsuade gome lewosi si ke nɔ anyi le ƒe akpe adewo megbe.[3][4][5][6][7]

Mɔzɔzɔ ƒe mɔwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Tso eƒe 1960 yina la, Morocco, Algeria kple Tunisia nye dukɔ yome mɔzɔzɔ tso Afrika yi Europe tsona le gbɔsusume sike na dzidzime viwo si tso dukɔ yome me le Europe sugbɔ le alafa 20 ƒe nuwuwu. Le eƒe siwo kplɔ ami ƒe tukara mela, mɔzɔzɔ yi Europe ɖukɔwome vasese. Eya menabe mɔzɔzɔ tso Afrika dziehe nutso o, ke bonu woana amesiwo zɔmɔ vayi kple woƒomewo nanɔ anyi mlɔeba. Mɔzɔzɔ yawo geɖe tso Mahgreb nto me yi France, Netherlands, Belgium kple Germany. Tso eƒe 1980 dome yina, Ɖukɔsiwo me mɔzɔla yawo yina keke gede Spain kple Italy elabe ɖukɔsiawo ɖi dɔwɔla siwo bi de woƒe dɔwɔwɔme le agbosusume.[8]

Spain kple Italy de Visa nudidiwo de mɔzɔlawo si tso Mahgreb ntome le eƒe 1990 ƒe gomedzedze me sike nabe mɔzɔzɔ le emo bada di to Mediterranean me vayi dzi. [8]

Tso eƒe 2000-2005, ame 440,000 zɔmɔ tso Africa yi Europe.[9]

Le Hei de Haas. amega na International Migration Institute le Oxford Suku game ƒe nuƒoƒome a, dutoƒonuƒo le Afrikatɔwo ƒe mɔzɔzɔ va Europe le abe Israel tɔwo ƒe dzodzo le Israel ene sike nye mɔzɔla siwo zɔmɔ le emɔ bada dzi tso aʋawɔwɔ kple ehia me. Amega ya be yeme hɔ dzi se o elabe mɔzɔla siawo gede nye gbalɛnyalawo eye wo atenu aɣe efe si hia na emɔzɔzɔla. eyi edzi gblɔ bena, mɔzɔzɔ tso Afrika yi Europe tso alesike dukɔsiawo hia dɔwɔlawo le asinudɔ gede me.

Egblɔbe gede zɔna mɔ le wɔntɔ wodokui shi tsɔ awu yike woadzra wo. Egblɔ yidzi be togbobe nyakakamɔnuwo susu be mɔzɔla mawɔsedzi yawo vana tso eƒu dzi ha, mele nenema o. Gede va na abe tsadimɔzɔlawo ene"[8] alo tso agbale fitifiti wo dzi alo to Spain ntowo me abe Ceuta kple Melilla ene. Ebe Afrika mɔzɔla mawɔsedzi gede wo zɔnamɔ le emɔ nyuitɔ dzi gake gede tsi na nyi wu game si woƒe Visa nawo. Nenemake, mɔzɔla me nunyala, Stephen Catsles ha gblɔ bena, togbɔbe nyakakamɔnuwo elidom tso Afika tɔwo ƒe mɔzɔzɔ le agbosusume ha, ɣeɣleme ya lia, mesugbo o."[10]

Le Organisation for Economic Co-operation and Development(OECD) ƒe kpɔkpɔnu a, Africa tɔwo ƒe mɔzɔzɔ yi dukɔ dengor me mesugbɔ abe alesi mɔzɔzɔ le hihame o.BBC gblɔ dogo be le eƒe 2007 me a,International Organisation for Migration be Afrika mɔzɔlawo abe million 4.5 le alo million Europe gake Migration Policy Institute be Afrika mɔzɔla mawɔsedzi abe million 7 alo million 8 le EU dukɔwome.[11]

References[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. Ann Wuyts (22 October 2011). "Evidence of 'upper class' Africans living in Roman York". The Independent. 
  2. Maev Kennedy (26 February 2010). "African origin of Roman York's rich lady with the ivory bangle". The Guardian. 
  3. Roxanne Khamsi (24 January 2007). "Genes reveal West African heritage of white Brits". New Scientist. 
  4. "Rare African DNA Discovered in White British Males". 
  5. Roger Highfield, Science Editor (24 January 2007). "Yorkshire name reveals roots in Africa". Telegraph.co.uk. Retrieved 11 December 2015. 
  6. "BBC NEWS - Science/Nature - Yorkshire clan linked to Africa". News.bbc.co.uk. 24 January 2007. Retrieved 11 December 2015. 
  7. King, T. E.; Parkin, E. J.; Swinfield, G.; Cruciani, F.; Scozzari, R.; Rosa, A.; Lim, S. K.; Xue, Y.; Tyler-Smith, C.; Jobling, M. A. (28 September 2015). "Africans in Yorkshire? - the deepest-rooting clade of the Y phylogeny within an English genealogy". European Journal of Human Genetics : Ejhg 15 (3): 288–293. PMC 2590664. PMID 17245408. doi:10.1038/sj.ejhg.5201771. 
  8. 8.0 8.1 8.2 de Haas, Hein (2008). "The Myth of Invasion: the inconvenient realities of African migration to Europe". Third World Quarterly 29 (7): 1305–1322. doi:10.1080/01436590802386435. 
  9. World migration 2008: Managing labour mobility in the evolving global economy Volume 4 of IOM world migration report series, International Organization for Migration, Hammersmith Press, 2008 Template:ISBN, pp. 38, 407.
  10. Castles, Stephen (2009). "Development and Migration — Migration and Development: What Comes First? Global Perspective and African Experiences". Theoria 56 (121): 1–31. doi:10.3167/th.2009.5512102. 
  11. "Key facts: Africa to Europe migration". BBC News. 2 July 2007. Retrieved 6 June 2015.