Jump to content

African Science Academy

Tso Wikipedia

Afrika Dzɔdzɔmeŋutinunya Suku[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Afrika Dzɔdzɔmeŋutinunya Suku (ADS) nye nyɔnuviwo katã ƒe suku deŋgɔ si le Akɔntabubu kple Dzɔdzɔmeŋutinunya me si woɖo le Dasiamime 2016 me le Tema, Ghana, to dɔmenyohabɔbɔ aɖe si woŋlɔ ŋkɔ na le UK, United States kple Ghana. Nyɔnuvi siwo tso dukɔ vovovowo me le Afrika katãe le sukua me.

Nyadzɔdzɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le ƒe 2016 me la, Afrikatɔwo ƒe Nunana Habɔbɔ ɖo Afrika Dzɔdzɔmeŋutinunya Suku (ADS) - si nye suku si wotu ɖe STEM dzi na Afrika nyɔnuvi siwo si nunana le siwo tso teƒe siwo mekpɔa ga boo o. Ðɔkta Tom Ilube CBE, si nye mɔ̃ɖaŋudɔwɔla kple hehenana dɔmenyola ye ɖo suku sia be yeatsɔ ade amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe STEM ƒe dɔa me . Le August 2016 me la, sukuvi 24 siwo tso Cameroon, Ethiopia, Nigeria, Sierra Leone, Uganda kple Ghana dze sukua gɔme. Tso ɣemaɣi la, sukua dzi ɖe edzi va hea nyɔnuvi siwo tso Afrika dukɔ 12 me, siwo dometɔ aɖewoe nye Togo, Rwanda, Eswantin i, kple South Africa . Wodzi woƒe ƒuƒoƒoa ƒe lolome hã ɖe edzi zi gbɔ zi eve tso sukuvi 25 va ɖo 50. ADS nye nyɔnuviwo katã ƒe dɔwɔƒe gbãtɔ si naa Akɔntabubu kple Dzɔdzɔmeŋutinunya deŋgɔ le Afrika.

Agbalẽnyalawo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Suku sia xɔa sukuvi siwo si nunana le siwo xɔ tso ƒe 16 va ɖo ƒe 19, siwo wu woƒe sekɛndrisuku nu dzidzedzetɔe le Akɔntabubu kple Dzɔdzɔmeŋutinunya me. Le ADS la, woƒe sukuviwo toa ɖoɖo deŋgɔ ƒe ɖoɖo sesẽ aɖe me, eye wowua Cambridge International A-Levels nu le Akɔntabubu, Akɔntabubu Yi ŋgɔe kple Dzɔdzɔmeŋusẽŋununya me le ɣleti 11 teti me. Tsɔ kpe ɖe woƒe nusɔsrɔ̃ ŋu la, wonaa mɔnukpɔkpɔ sukuviwo hã be woakpɔ gome le Kɔmpiuta Dɔwɔɖoɖowo Kple Robɔtwo ƒe nusɔsrɔ̃ siwo wowɔna le suku bubuwo godo me.

Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo yɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Woɖe Afrika Dzɔdzɔmeŋutinunya Suku fia le CNN ƒe Inside Africa nuŋlɔɖi me si na wokpɔa dɔwɔnawo kple ɖoɖo siwo sukua wɔna le kpekpeɖeŋu nana ɖetugbui siwo tsɔ ɖe le STEM hehexɔxɔ me la me.

Gakpekpeɖeŋunana[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le Dasiamime, 2022 me la, Afrika Dzɔdzɔmeŋutinunya Suku ɖe gbeƒã woƒe Kpekpeɖeŋunala Gãtɔ, XTX Markets. . Habɔbɔ geɖewo hã doa alɔ sukua siwo dometɔ aɖewoe nye Bank of America, The Black Heart Foundation, SThree kple Tullow Oil be woana woƒe nyɔnuviwo nade suku deŋgɔ.

Dɔwɔhatiwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

ADS nye Hali Access Network me tɔwo dometɔ ɖeka.

Dzᴐtsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. "African Science Academy inaugurated in Tema". Graphic Online (in en-gb). 2017-02-08. Retrieved 2019-02-18.