Afadzato

Tso Wikipedia

Afadzato enye to kɔkɔtɔ wu le Ghana dukɔa katã me, togbɔ be eƒe kɔkɔme nye 885m(alo 2904[1] ft) ko. To sia le Agumatsa toawo, siwo te ɖe Liati Wote kple Gbledi woŋuti la dome le Ghana ƒe Vɔlta nutome. To siawo woyi vaseɖe Ghana kple Togo dukɔa ƒe axadoƒe. Aduadu , si nye toa wodometɔ ɖeka la ƒe tame kɔ wu Afadzato, gake womebunae abe to kɔkɔtɔwo o elabena enye to kpui le to kɔkɔ bubuwo ta me.

Wogblɔe be Afadzato ƒe ŋkɔ tso Avadzeto me. Gbe alo nutsetsewo siwo le toa dzi fiena ŋui na amewo ŋutɔ, eyata agbledelawo kpakple adela siwo dena toa dzi la yɔnae be "aʋa dze to".

Tagbo tsidzadza si medidi tso Afadzato gbɔ o la, enye nukpɔkpɔ tɔxe, si amedzrowo zɔa mɔ yina kpɔna.

  1. https://visitghana.com/attractions/mountain-afadja/