Adzo Rebecca Kpossi

Tso Wikipedia

Adzo Rebecca Kpossi nye Togotɔ tsiƒula, wodzii le January 25, 1999. Le ƒe 2012 me la, enye ɖevitɔ kekeake si kpɔ gome le London Kamedefefewo me. Le ƒe 2016 me la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Togotɔwo ƒe amedɔdɔwo ƒe aflagatsɔla le Rio Kamedefefewo me.

Agbemeŋutinya[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Adzo Rebecca Kpossi dze tsiƒuƒu gɔme esime wòxɔ ƒe eve, le fofoa Komi Kpossi ƒe dzikpɔkpɔ te. Esi tsiƒuƒe ƒe xɔtuɖoɖo aɖeke mele Togo o ta la, enaa hehee le amedzrodzeƒewo ƒe tsiƒuƒewo. Ekpɔ gome le eƒe hoʋiʋli gã gbãtɔ me le ƒe 2011 me, esime wòxɔ ƒe 12 pɛ ko, le xexeame katã ƒe ʋiʋli siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo le Shanghai me. Eɖo zi 87 lia le 88 me le kpakpaluʋui siwo kplɔ wo nɔewo ɖo ƒe meta 50 me.

Le ƒe 2012 me la, eyae nye ɖevitɔ kekeake si kpɔ gome le London Kamedefefewo me. Ewu enu kple ɣeyiɣi mamlɛtɔ si do ŋgɔ na 50m freestyle heats.

Le ƒe 2013 me la, enɔ xexeame ƒe ʋiʋli siwo wowɔ le Barcelona gake eɖe asi le eƒe ŋgɔdonyawo ŋu le ŋdi me le asrãdɔ ƒe amedzidzedze ta.

Le ƒe 2016 me la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Togotɔwo ƒe amedɔdɔwo ƒe aflagatsɔla le Rio4 Kamedefefeawo me.

Nyatakaka siawo tsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]