Adzo

Tso Wikipedia

Adzo alo Adzowo (si woyɔna le Eŋlisigbeme be Riddle) nye nya kpui aɖewo si wogblɔna tsɔna doa ame ƒe susu kpɔ, eye eƒe gɔmesese be ɖe eme. Kɔsasa alo babla nɔa adzowo ŋu. Amewo dzea agbagba desiade tua kɔsasa sia, si fia kɔtɔe be woɖe egɔme.

Adzo ƒe vevie nyenyewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Adzototo wɔnɛ be:

  1. Miesrɔa nulele ɖe tame.
  2. Miesrɔa nuƒoƒo le amedome.
  3. Miesrɔa sedziwɔwɔ.
  4. Mesrɔa tamebubu
  5. Ɖekawɔwɔ va ɖeviwo dome.
  6. Miesrɔa hadome gbenɔnɔ.

Adzo aɖewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Esia nye adzo aɖewo kple wo ƒe gɔmeɖeɖe.

Adzo ƒe kpɔɖeŋuwo Gɔmeɖeɖewo
Ege kpɔ sukuviwo kplɔe do Mi / Emi
Ele kpuie do gawu Neƒui
Esi metso ɖe meyɔ wòa Luʋɔ / Vɔvɔli
Eyi ʋui gbɔ ʋui Tukpe
Etre vi eve le tsi dzi Eno
Ebia hẽ menyanyinyim o Dzo / Tadi
Lagã aɖe li ne no tsi ko eku Edze
Bafa aɖe li nekpɔ nu ɖu hafi wotsia tre Kotoku
Tɔsisi aɖe li lã kukuwo sɔŋ koe le eme Dettsi
Wole fufu tom avu le ɣe ɖum Eno
Kuviatɔ kpla go Aɖiba
Ele avɔkpowo dome gake tsi amama Abui / Tɔnui
Eyi tsileƒe gbɔ kple aɖatsi Akutsa
Dã va yi gake eƒe fli meli o Tɔdziʋu
Avegametadi klẽ ŋku hɔ̃ɔ Atɔtɔ
Anagotɔ ƒe agbadzi le kliyo Aɖukpodzi
Gagɔdɔe le gli ŋu Eto

|- |Kadze le tor to || efu |}