Abigail Adams

Tso Wikipedia

Abigail Smith Adams (Adeamekpɔxe 11, 1744 — Kele 28, 1818) nye John Adams, si nye United States ƒe Dukplɔla evelia srɔ̃. Emegbe la, amewo te yɔyɔ na dukplɔla la srɔ̃ be Aƒenɔ Gbãtɔ. Eyata, eva zu United States ƒe Aƒenɔ Gbãtɔ evelia. Wodzii le Weymouth, Massachusetts. Massachusetts ƒe ƒome xɔŋkɔ aɖe (Quincy Ƒomea) mee wònɔ.[1]

Le ƒe 1801 me la, atsu kple asi sia xɔ dzudzɔ le dɔme eye wonɔ Quincy. Abigail ku le ƒe 1818 me, esime wòxɔ ƒe 74 le typhoid dɔléle ta.

Agbenɔnɔ le ɖevime[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Abigail Adams ʋli hehe si sɔ le dukɔa ƒe sukuwo me na ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ta. Le eƒe ɖevime la, eƒe lãme mesẽna zi geɖe o. Ezãa eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ xlẽa nu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eŋlɔa lɛta na eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hafi ɖe srɔ̃.[2]

Adams mede suku aɖeke le suku alo kɔledzi aɖeke me o. Agbalẽdzraɖoƒe gã aɖe nɔ fofoa si, eya ta esrɔ̃ agbalẽ geɖe eye wòva dze aɖaŋu nenema. Eɖe John Adams le ƒe 1764. Le ƒe ewo siwo kplɔe ɖo me la, edzi vi atɔ̃ (wodzi ame adelia si ku). Viawo dometɔ ɖekae nye John Quincy Adams, si nye United States ƒe Dukplɔla adelia.

Dunyahehe me nɔnɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Adams nye srɔ̃a John Adams ƒe nya ɣaɣla kple aɖaŋuɖola vevi aɖe. Etsi tre ɖe kluvinyenye ŋu eye wòdo alɔ nyɔnuwo ƒe gomenɔamesiwo. Le ƒe 1776 me la, srɔ̃a kpɔ gome le Anyigbagã dzi Sewɔtakpekpe Gbãtɔ si wowɔ le Philadelphia la me. Afimae Adams ŋlɔ eƒe lɛta xɔŋkɔtɔ kekeake na Fofo Gɔmeɖolawo be "miɖo ŋku nyɔnuawo dzi."[3]

Le ƒe 1784 me la, Adams va kpe ɖe srɔ̃a ŋu le eƒe dutadɔnunɔlawo ƒe dɔwɔƒe le Paris. Eva tsɔ ɖe le Franseawo ƒe agbenɔnɔ me. Le ƒe 1785 megbe la, ewɔ dɔ sesẽ si nye United States ƒe Dudɔnunɔla Gbãtɔ si nɔ Great Britain la srɔ̃. Ewɔe kple bubu.[4]

Nyatakakatsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. "Abigail Adams | Biography & Facts". Encyclopedia Britannica. Retrieved 2019-04-18. 
  2. "Abigail Adams Biography :: National First Ladies' Library". www.firstladies.org. Archived from the original on 2019-05-31. Retrieved 2019-05-13. 
  3. Michals. "Abigail Adams". 
  4. Black. "The First Ladies of the United States of America".