Jump to content

Abena Osei-Asare

Tso Wikipedia

abena Osei-Asare (wodzi le 16 Dzove 1979) nye Akɔntanyala, Ghana dunyahela eye fifia enye Sewɔtakpekpe me tɔ na Atiwa Ɣedzeƒe (Ghana sewɔtakpekpe ƒe nuto) le Ghana ƒe Ɣedzeƒenutome

Srɔ̃tɔ eye vi etɔ̃ le esi; ŋutsuvi eve kple nyɔnuvi ɖeka.

Ðevimenɔɣi kple sukudede Abena Osei Asare de Achimota Gɔmedzesuku eye wòyi eƒe sekɛndrisuku dzi le Wesley Nyɔnuviwo ƒe Sekɛndrisuku-Cape-Coast (1995–97) afisi wòxlẽ General Arts kple nusɔsrɔ̃ siwo woatia abe Ganyawo, Anyigbaŋutinunya kple Akɔntabubu Tiatia ene.

Emegbe exɔ eƒe suku kɔkɔ dede le Ghana Yunivɛsiti, afisi wòsrɔ̃ Ganyawo kple Anyigbaŋutinunya le. Exɔ B.A. (Hons.) le Ganyawo kple Anyigbaŋutinunya me tso Ghana Yunivɛsiti eye wòxɔ Msc. Ŋgɔyiyi Ganyawo tso Ghana Yunivɛsiti ƒe Asitsasuku.

Eva zu Habɔbɔ si nye Chartered Certified Accountants (UK) me tɔ le ƒe 2009 me eye emegbe wòzu hadɔwɔla le ƒe 2014. Azɔ hã, eƒe hamevinyenye keke ta ɖo Institute of Chartered Accountants (ICA) Ghana.

Ðaseɖigbalẽ hã le esi le Dealing me tso ACI (Ganyawo ƒe Asiwo Habɔbɔ).

Dᴐwᴐna Abena Osei-Asare esi wòwu suku nu le eƒe ɖaseɖigbalẽ gbãtɔ megbe la, ewɔ eƒe dukɔa ƒe subɔsubɔdɔ le Dukplɔla ƒe Dɔwɔna Tɔxɛ si ku ɖe Avɔlɔlɔ̃ kple Awudodo ŋu le Dukplɔla John Agyekum Kufuor ƒe kpɔkplɔ te.

Eyi edzi wɔ dɔ abe dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le Dɔwɔƒewo kple Ganyawo me na New York Yunivɛsiti le Ghana le ƒe (2004 kple 2007) dome.

Esi wòyi eƒe dɔa dzi le Absa Gadzraɖoƒe [si nye Barclays Gadzraɖoƒe Ghana ɣemaɣi] la, ewɔ dɔ abe asisiwo ƒe ƒuƒoƒo ƒe ŋgɔnɔla le asitsaƒe (ƒe 2007-2009) kple nudzrala na Ganyawo Gbɔkpɔƒe (ƒe 2009–12).

Le ƒe 2000 me la, eva zu Dukɔlɔ̃lawo ƒe Habɔbɔ Yeye me tɔ eye dunyaheha sia ƒe tikiti dzie wòʋli ho le Sewɔtakpekpe me tɔ si le nuto yeye si woɖo ɣemaɣi si nye Atiwa East (Ɣedzeƒe Nutome) me le ƒe 2012 ƒe sewɔtakpekpe ƒe tiatiawɔɣi. .

Dunyahehe Abena ʋli ho eye wòxɔ New Patriotic Party ƒe sewɔtakpekpe ƒe zikpui na Atiwa East Constituency le Eastern Region of Ghana le ƒe 2012. Egaxɔ zikpui sia le ƒe 2016 Ghana ƒe dutoƒotiatiawɔɣi. Eʋli ho kple ame bubu ɖeka si di be yeaxɔ ɖoƒea si nye, Asante Foster si le Dukɔa ƒe Demokrasihabɔbɔ me.

Abena ɖu dzi le tiatia la me esi wòxɔ ame 17,399 le ame 22,486 siwo woda la dome, si nye akɔdada siwo katã sɔ ƒe alafa memama 77.81.

Esi wònye Sewɔtakpekpe me tɔ ta la, ekpɔ gome le sewɔtakpekpea ƒe asitsatsa me vevie abe Ativa Ɣedzeƒetɔwo teƒenɔla ene. Ewɔ dɔ le Ganyawo Ŋuti Kɔmiti, Dukɔa ƒe Akɔntabubu Kɔmiti, kple Dɔwɔnyawo Kple Hadomegbenɔnɔ Kple Dukɔa ƒe Dɔwɔƒewo ƒe Kɔmiti me le Sewɔtakpekpea me eye wòwɔ akpa vevi aɖe le sewo kple nubablawo wɔwɔ me kpakple gbebiabia amesiwo wobia gbee le Ƒe Sia Ƒe ƒe Agbalẽdzikpɔla Gã ƒe Nyatakaka me. Agate ŋu anye Sewɔtakpekpe ƒe Dɔwɔha Xɔŋkɔ(PSB) ƒe dɔdzikpɔha me tɔ hã.

Le ƒe 2017 me, esi Abena xɔ ƒe 38 la, enye nyɔnu ɖetugbuitɔ kekeake si woɖo kpɔ ɖe Ganyawo Kple Ganyawo Ŋuti Ðoɖowɔwɔ Dɔwɔƒea be wòanye subɔsubɔhakplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.

Le Ganyawo Gbɔkpɔƒe la, eƒe ɖoɖowɔɖia lɔ dɔwɔwɔ abe domenɔla ene le Dɔwɔƒea kple Sewɔtakpekpea dome le gadodo ƒe nubablawo, sewo kple Dukɔa ƒe ƒe sia ƒe gazazã gome. Abe Dziɖuɖumegã ƒe kpeɖeŋutɔ si kpɔa gazazã dzi ene la, eya, si le dɔ wɔm le Ganyawo ƒe Dɔdzikpɔla te la, do alɔ dziɖuɖua ƒe gazazã ŋuti dzadzraɖo kple edziwɔwɔ nyuie le ƒe 4 siwo va yi me. Ewɔ akpa vevi aɖe le dɔwɔlawo ƒe habɔbɔ ƒe nya geɖe gbɔ kpɔkpɔ me le ƒe ene gbãtɔ siwo me H.E. Nana Addo Dankwa Akufo-Addo.

Enɔ Dziɖuɖumegã la teƒe hã le dukɔwo dome takpekpe vovovowo me siwo dometɔ aɖewoe nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe kpekpe siwo ku ɖe SDGs kple ILO si ku ɖe dɔwɔlawo ƒe nyawo ŋu. Le Dɔwɔƒewo ƒe Dziɖuɖu gome la, Enɔ Ganyawo Gbɔkpɔha teƒe abe Dɔdzikpɔla ene le habɔbɔ siwo gbɔna me; ADB BANK, SSNIT, NHIA kple GIADEC.

Ame ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ Abena nye Kristotɔ si wɔa hadede le Presbyteria sɔlemeha me. Srɔ̃tɔ eye vi etɔ̃ le esi.[8] Ekpɔa NGO aɖe hã dzi, The Waterbrook Foundation si doa alɔ sukuvi siwo si nunya le gake hiãtɔwo kple woƒe Sukudede.

Kpɔe hã Sewɔtakpekpe me tɔ siwo woti le Ghana sewɔtakpekpe ƒe tiatia me, ƒe 2012 Dukɔlɔ̃lawo ƒe Habɔbɔ Yeye

Nusiwo ŋu woke ɖo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]