Slovenia

Tso Wikipedia

Slovenia (/sloʊˈviːniə, slə-/ (se)[10][11] sloh-VEE-nee-ə; Sloveniagbe: Slovenija [slɔˈʋèːnija]),[12] le se nu la, enye Slovenia Dukɔa (Sloveniagbe: Republika Slovenija (kpekpeɖeŋu·nyatakaka ),[13] abbr.: RS[14]), nye dukɔ le Titina Europa.[15] Eƒe liƒo kple Italy le ɣetoɖoƒe gome, Austria le dziehe, Hungary le dzieheɣedzeƒe, Croatia le dzieheɣedzeƒe, kple Adriatic Ƒua le dzigbeɣetoɖoƒe gome.[16] Slovenia ƒe akpa gãtɔ nye towo kple avewo,[17] eƒe lolome nye kilometa 20,271 sq,[18] eye amewo ƒe xexlẽme nye miliɔn 2.1 (ame 2,110,547).[19][20] Sloveniatɔwo nye dukɔa me tɔwo ƒe 80% kple edzivɔ.[21] Slovenegbe, si nye Anyiehe Slavgbe, ye nye gbe si wodona le dziɖuɖua gbɔ.[22] Slovenia ƒe anyigbagã dzi yame ƒe nɔnɔme fa miamiamia koŋ,[23] negbe Slovenia Ƒuta kple Julian Alps-towo koe mele eme o. Yame ƒe nɔnɔme si le mediterranea-ƒua te ɖoa Dinaric Alps-towo ƒe dziehe gome si to dukɔa me le dzieheɣetoɖoƒe–anyieheɣedzeƒe gome. Julian Alps-to siwo le dzieheɣetoɖoƒe gome la ƒe yame ƒe nɔnɔme le togbɛwo dzi.[24] Le Pannonian Basin ƒe dzieheɣedzeƒe gome la, anyigbagã dzi yame ƒe nɔnɔme dzena wu. Ljubljana, si nye Slovenia ƒe fiadu kple du gãtɔ kekeake, le anyigba ƒe nɔnɔme nu si te ɖe dukɔa ƒe titina ŋu.[25]

Slovenia & Europa

Links[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]


Europa dukɔwo

Albania · Andorra · Armenia · Austria · Azerbaijan · Belarus · Belgium · Bosnia and Herzegovina · Bulgaria · Croatia · Cyprus · Czechia · Denmark · DɔkɔDzamanya · Estonia · Finland · Frans · Georgia · Greece · Hungary · Iceland · Ireland · Italy · Kazakhstan · Laksembɔg · Latvia · Liechtenstein · Lithuania · Malta · Moldova · Monaco · Montenegro · Netherlands · North Macedonia · Norway · Poland · Portugal · Romania · Russia · San Marino · Serbia · Slovakia · Slovenia · Spain · Sweden · Switzerland · Ukraine · United Kingdom · Vatican City