Silesiagbe

Tso Wikipedia

Dzo yi: kuɖɔɖoɖo, dii

Silesiagbe enye gbe si wogblɔna le Silesia nutome le Poland dukɔa me. Wogblɔna Silesiagbe le Czech dukɔ kple Dzama dukɔwo me. Le ƒe 2002 me la, ame 56,000 ɖe fia be Silesiagbe nye yewoƒe degbe gake ameaɖewo xɔe se bena Silesiagbe dolawo de 1,250,000.

Silesiagbe te ɖe Polandgbe ŋu eyata amesiwo srɔ̃na nu le gbewo ŋu buna bena Silesiagbe enye Polandgbe fafia wodometɔwo ɖeka.

[trɔ asi le eŋu] Alfabet

Silesia alfabet ɖeka aɖeke meli o. Woŋlɔnae kple Polandgbe alfabetwo. Le ƒe 2006 me la, wo ŋlɔ Silesia alfabet yeye. Wotsɔe tso Silesiagbe ŋɔŋlɔ ewo vovovowo me. Wozana alfabet yeyea le 'Internet' dzi kpakple Silesia Wikipedia la dzi.

Aa Bb Cc Ćć Čč Dd Ee Ff Gg Hh Ii Jj Kk Ll Mm Nn Ńń Oo Pp Rr Řř Ss Śś Šš Tt Uu Ůů Ww Yy Zz Źź Žž

Gbeɖiɖi ɖewo: Ch Dz Dź Dž.

[trɔ asi le eŋu] Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo