Emmanuel Kotoka

Tso Wikipedia

Emmanuel Kɔsi Kotoka (Kele 26 1926 - Afɔfiɛ 17 1967) nye asrafo si nɔ National Liberation Council dziɖuɖu si nɔ zia dzi tso Dzodze 24 1966. Dziɖuɖu siae ɖe dukplɔla Kwame Nkrumah le Ghana dukɔ zia dzi.

Kotoka ƒe ɖevime[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Wodzi Kotoka le Alakple[1] si nye Keta dukɔ ɖeka le Vɔlta nutome le Ghana. Ede suku le Alakple Roman Catholic Suku. Emegbe la, eyi eƒe suku dede dzi le Anloga Senior School tso ƒe 1941 me.[1] Esi wòde suku vɔ la, eɖo be yea srɔ̃ dɔ gake emegbe la, evaye ŋlɔ ŋkɔ kple asrafowo.

Asrafo dɔwɔwɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le Siamlɔm 1947 me la, Kotoka dze asrafodɔ sɔsrɔ̃ gɔme le Gold Coast Regiment ƒe asrafo suku le Teshie le Gẽ. Dɔa sɔsrɔ̃ tsɔ afɔ ne. Le ƒe 1952 me la, enɔ Afrika asrafow dɔmetɔwo siwo woɖo ɖe Eaton Hall, si nye asrafo suku de ŋgɔ ɖeka le United Kingdom (Britannia) dukɔa me. Le ƒe 1954 me la, woɖoe leftenant le Ghana asrafowo me, eye wòdze dɔwɔwɔ gɔme kple Britannia asrafowo le Rhine si le Dzama dukɔa me.[2]

Esi wògbɔ va Gold Coast la, woɖoe Platoon Commander le Second Gold Coast Regiment of Infantry la me. Le ƒe 1959 me la, ezu asrafo mega si woyɔna be Captain. Le ƒe ma me ke la, woɖoe Major. Le ƒe 1960 me la, evaye de Asrafo megawo suku de ŋgɔ ɖeka le Westminster le Inglis nyigbaa dzi.

Le ƒe 1960 me la, Kotoka nye asrafo mega wodometɔ ɖeka le Ghana asrafowo si woɖo ɖe Congo. Woyi vaye le vu le Leopoldville (si nye Kinshasa egbe la) kple Xexeme Dukɔ Ƒoƒuawo asrafowo le afima.[3] Kotoka do kalẽ ŋutɔ le dɔ sia gbe eye Ghana dukɔa na dzesi tɔxee si nye Ghana Service Order for Exceptional Bravery for Distinguished Service in the Congo le ƒe 1963 me.[1]

Emegbe la, Kotoka va zu kplɔla na Ghana asrafowo katã le Ghana ƒe dzigbe kpa dzi si nye Second Infantry Brigade (si woyɔna be Northern Command egbe) le Kumasi.[2]

Ghana dukɔ kplɔkplɔ[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Kotoka nɔ ŋgɔ na asrafowo si ɣlẽ Ghana dziɖuɖua tso Nkrumah ƒe Convention People's Party dziɖuɖua dzi.

Eƒe ku[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le Afɔfiɛ 17 dzi le ƒe 1967 me la, asrafo aɖewo tso ɖe NLC dziɖuɖua ŋu. Woɖo be yewoa xɔ dziɖuɖua kple sesɛ̃. Wonɔ dɔwɔm kple Ghana asrafowo si nɔ Mortar Regiment le Ho, si nye Vɔlta nutome dugã. Le hoʋiʋli si dzɔ me la, asrafoawo wodometɔ ɖeka, si nye Moses Yeboah la, wu Kotoka. Kotoka ƒe asrafowo ƒe alɔ fɔ dzi le hoʋiʋlia ƒe nuwuwu, eye wo drɔ ʋɔnu na Yeboah kple eƒe ahatiwo. Wobu fɔ Yeboah kple xɔ̃awɔ̃o eye wo wu wo.[4]

Wome Kotoka ƒe tata heda ɖe afisi wofɔ Kotoka ƒe kukua le. Ghana dukɔa ƒe ayameʋu dzeƒe gã tɔwu le afisia, eye wotrɔ ŋkɔaɔ zu Kotoka International Airport hetsɔ ɖo ŋku Kotoka dzi.

Nya siawo ƒe tsoƒe[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. 1.0 1.1 1.2 GhanaWeb.com
  2. 2.0 2.1 Africa Report - John Kraus
  3. "Wellplaced Consultancy". Archived from the original on 2007-02-02. Retrieved 2008-02-26. 
  4. Library of Congress Country Studies - Ghana: The Military and the Government

Nuxexlẽ bubuwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Agbalẽ bubuwo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  • Barker, Peter (1969). Operation Cold Chop: the Coup That Toppled Nkrumah. Ghana: Ghana Publishing Corporation. ISBN 0876760655.
  • Hansen, Emmanuel. 1968. Ghana: Background to Revolution. Transition, No. 35. (Feb. - Mar., 1968), pp. 24-28.