Eʋegbe
Tso Wikipedia
Eʋegbe nye Eʋeawo ƒe gbe gbɔgblɔ. Wo dona Eʋegbe le Ghana kpakple Togo dukɔwo siwo le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo la me. Gbe gbɔgblɔ siwo teɖe Eʋegbe ŋu wonye Foŋugbe kpakple Adzágbe. Esiawo katã wonye Gbe gbewo.
Dzama ŋutsu Diedrich Hermann Westermann, si srɔ̃ nugeɖe le Afrika ŋuti la, ŋlɔ agbalẽwo geɖe le Eʋegbe ŋuti. Ame bubuwo siwo srɔ̃ nu le Eʋegbe ŋuti wonye Gilbert Ansre, Hounkpati B. Capo, Herbert Stahlke, Roberto Pazzi, Felix K. Ameka, Alan Stewart Duthie.
Emenyawo |
[trɔ asi le eŋu] Eʋenyigba
Eʋenyigba de lolo ge abe Asãte kple Dahome, siwo le eƒe goawo kple eve dzi, ene.Ke Eʋeaʋo katã meƒo ƒu ɖekae wɔ fiaduƒe gã abe woamawo ene kpɔ o . To gbɔ be ɖekawɔwɔ blibo mele wo dome o hã la, fiaɖufe gã eve mãwo dometɔ aɖeke medu wo dzi kpɔ o, ke boŋ Eweawo nɔ wo dokui si, va se de esi me yevunya va .
[trɔ asi le eŋu] Eʋe alfabet
Vowel adre ye le Eʋegbe me.
| Vowelwo | A a | E e | Ɛ ɛ | I i | O o | Ɔ ɔ | U u |
|---|
Alfabet blaetɔ̃ ye le Eʋegbe me.
| A a | B b | D d | Ɖ ɖ | E e | Ɛ ɛ | F f | Ƒ ƒ | G g | Ɣ ɣ |
| H h | X x | I i | K k | L l | M m | N n | Ŋ ŋ | O o | Ɔ ɔ |
| P p | R r | S s | T t | U u | V v | Ʋ ʋ | W w | Y y | Z z |
[trɔ asi le eŋu] Eʋe ŋɔŋlɔ
Dzamatɔwoe dze Eʋegbe ŋɔŋlɔ gɔme. Wozã nuŋɔŋlɔ si woyɔna le Yevugbe me be African Reference alphabet kpakple Latin alfabet la kpakple dzesi ʋeaɖewo kpe ɖe eŋu tso International Phonetic Alphabet la me.
| A a | B b | D d | Ɖ ɖ | Dz dz | E e | Ɛ ɛ | F f | Ƒ ƒ | G g | Gb gb | Ɣ ɣ |
|---|---|---|---|---|---|---|---|---|---|---|---|
| /a/ | /b/ | /d/ | /ɖ/ | /ʣ/ | /e/ | /ɛ/ | /f/ | /ɸ/ | /ɡ/ | /ɡ͡b/ | /ɣ/ |
| H h | I i | K k | Kp kp | L l | M m | N n | Ny ny | Ŋ ŋ | O o | Ɔ ɔ | P p |
| /h/ | /i/ | /k/ | /k͡p/ | /l/ | /m/ | /n/ | /ɲ/ | /ŋ/ | /o/ | /ɔ/ | /p/ |
| R r | S s | T t | Ts ts | U u | V v | Ʋ ʋ | W w | X x | Y y | Z z | |
| /l/ | /s/ | /t/ | /ʦ/ | /u/ | /v/ | /β/ | /w/ | /x/ | /j/ | /z/ |
Wotsɔ dzesi sia ( ˜ ) fia be wogblɔna alfabet la le ŋɔtigbe me.
Dzesi bubuwo fiana be ele be na bɔbɔ gbe alo na kɔ wo gbe ɖe dzi.
- ekpɔ wò [ɛ́k͡pɔ̀ wò]
- ekpɔ wo [ɛ́k͡pɔ̀ wó]
- míawo [miawó]
- miawo [miawó]
[trɔ asi le eŋu] Eʋegbe zãzã
Eʋegbe enye gbe si wo gblɔna le Ghana kple Togo dukɔwo me sia.
[trɔ asi le eŋu] Nyasiawo ƒe tsoƒe
Agbalẽ siawo le Eŋlisigbe me.
- Ansre, Gilbert (1961) The Tonal Structure of Ewe. MA Thesis, Kennedy School of Missions of Hartford Seminary Foundation.
- Ameka, Felix Kofi (2001) 'Ewe'. In Garry and Rubino (eds.), Fact About the World's Languages: An Encyclopedia of the World's Major Languages, Past and Present, 207-213. New York/Dublin: The H.W. Wilson Company.
- Capo, Hounkpati B.C. (1991) A Comparative Phonology of Gbe, Publications in African Languages and Linguistics, 14. Berlin/New York: Foris Publications & Garome, Bénin: Labo Gbe (Int).
- Pasch, Helma (1995) Kurzgrammatik des Ewe Köln: Köppe.
- Westermann, Diedrich Hermann (1930) A Study of the Ewe Language London: Oxford University Press.
[trɔ asi le eŋu] Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo
- Eʋegbe "ethnologue"
- UCLA
- Ewe alphabet and pronunciation Omniglot
- Eʋegbe ƒo mɔ
- Eʋegbe nuƒoƒo siwo le daɖi
- kasahorow Eʋegbe nyameɖeɖe ɖe gbe bubuwo me
- PanAfriL10n
- Eʋe IPA
- Basic Ewe for foreign students Institut für Afrikanistik der Universität zu Köln