Zwelethu Mthethwa
| Sex or gender | male |
|---|---|
| Country of citizenship | South Africa |
| Date of birth | 17 Dasiamime 1960 |
| Place of birth | Durban |
| Languages spoken, written or signed | Eŋlisigbe |
| Occupation | photographer, painter, visual artist |
| Employer | University of Cape Town |
| Educated at | Michaelis School of Fine Art, Rochester Institute of Technology |
| Artist files at | National Gallery of Art Library |
| Award received | Fulbright Scholarship |
| Copyright representative | reproduction right not represented by CISAC member |
| Copyright status as a creator | works protected by copyrights |
Zwelethu Mthethwa (wodzi le ƒe 1960 me) nye nutala kple fotoɖela tso South Afrika. Wobu fɔe ɖe amewuwu ta le ƒe 2017 me, eye wole Pollsmoor Gaxɔ me fifia[1].
Agbemeŋutinya
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Mthethwa, si nye Durban dukɔmevi, do le Michaelis ƒe Aɖaŋudɔsrɔ̃suku, Cape Town Yunivɛsiti. Le ƒe 1985 me la, exɔ Fulbright ƒe Nusrɔ̃gbalẽ be yeasrɔ̃ nu le Rochester Mɔ̃ɖaŋununyasrɔ̃ƒe, afisi wòxɔ Aɖaŋudɔwo ƒe Master of Fine Arts ƒe ɖaseɖigbalẽ le nɔnɔmetatawo ɖeɖe me le ƒe 1989 me[2]. Esi wòtrɔ gbɔ va aƒeme la, ewɔ dɔ ƒe aɖewo le asitsatsa me, eye emegbe wòva zu fotoɖeɖe kple nutata ŋuti nufiala le Michaelis Suku le ƒe 1994 me. Eɖe asi le dɔa ŋu le ƒe 1999 me be yeatsɔ ye ɖokui ana yeƒe aɖaŋudɔwo ɣeyiɣiawo katã. Wonya Mthethwa ɖe eƒe amadede ƒe foto gãwo ta, gake ewɔa dɔ le amadede kple pastel hã me; eɖe eɖokui fia zi gbɔ zi 50 kple edzivɔ le nutataɖeƒewo le xexeame godoo. Wotsɔ eƒe dɔa de ƒe 2005 Venice Biennale[3] kple ƒe 2004 Gwangju Biennale me.
Amewuwu ƒe Fɔbubu
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le ƒe 2014 me la, wotsɔ nya ɖe Mthethwa ŋu be ewu nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 23 si ŋkɔe nye Nokuphila Kumalo. Jillian Steinhauer gblɔ be, "Amewuwua dzɔ le Afɔfie 13, 2013 dzi esime ŋutsu aɖe ƒo Kumalo, si woxɔ se be enye gbɔdɔdɔ ƒe dɔwɔla, eye wòtu afɔkpoe ŋutasesẽtɔe wòku le ablɔ aɖe dzi le Woodstock, si nye Cape Town ƒe gbɔtodu aɖe me." Fotoɖemɔ̃wo lé amedzidzedzea si wòkplɔ kpovitɔwo yi Mthethwa. Wobe ŋkumeɖasefo aɖe hã li. Nutala la gbe nutsotsoawo eye wòbe yemeɖi fɔ o[4].
Wohe ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe megbe zi geɖe, le nutsotso gbãtɔawo megbe. Wodze tohehe ƒe nyadɔdrɔ̃ gɔme abe alesi wokpɔ mɔe ene le Dame 24, 2014 dzi. Le Ashleigh Furlong ƒe nya nu la, "Eƒe ɖasefo eve, susuŋutinunyala Martin Yodaiken kple hadomekpekpeɖeŋudɔwɔla Anne Cawood, ɖi ɖase egbea le Ɣetoɖoƒe Cape Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ le tohehe ƒe nyadɔdrɔ̃a ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Wo ame evea siaa te gbe ɖe edzi be ne wode Mthethwa gaxɔ me la, mate ŋu akpɔ eƒomeawo dzi o eye womate ŋu akpe asi ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu o." Eyi edzi gblɔ be, "Tohehe si sɔ gbɔ wu si menye gaxɔmenɔnɔ o enye ƒe atɔ̃. Tohehe suetɔ kekeake si woatsɔ axe fe ɖe amewuwu ta kple susu, le dolus ƒe nɔnɔme me mlɔeba, si wobu fɔ Mthethwa ɖe eta la nye ƒe 15. Gake woate ŋu aɖe esia dzi akpɔtɔ ne nɔnɔme aɖewo dzi ɖe kpɔtɔ[5]." Ðasefoawo tsɔ numeɖeɖe siwo va yi ku ɖe ŋkuɖodzinyawo ƒe bu le ahamumu ta be wonye nusiwo ɖea nu dzi kpɔtɔna. Ke hã, Xolani Koyana, ɖe eme be "senyala Christenus van der Vijver tsɔe na Yodaiken be ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe Mthethwa ƒe ŋkumaɖo nu dzi si bu be enye nyakpakpa. Egblɔ nɛ be yekpɔe be ewɔ nuku be ame aɖe ate ŋu aɖe afɔ sesẽ aɖe zi geɖe le dziku me de ame bubu ŋu zi gbɔ zi 62 eye maɖo ŋku ŋutasẽnuwɔwɔ ma dzi o. Amenutsola la gblɔ na ʋɔnudrɔ̃ƒea be tohehe si menye gaxɔmenɔnɔ o anye mokaname tufafatɔe eye aɖo gbedasi si mesɔ o ɖe dukɔa."[6]
Wogahe Mthethwa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe megbe le Masa 1, 2015. Woda asi ɖe heheɖemegbea dzi ale be woate ŋu aƒo kpeɖodzi bubuwo nu ƒu. Edze abe esesẽ na Mthethwa ƒe senyala William Booth be wòakpɔ ame ŋutɔ ƒe nunɔamesiwo atsɔ aƒo kpeɖodzi siwo wogblɔ kple nu nu ƒu ene. Ʋɔnudɔdrɔ̃a yi edzi le Masa 2, 2015. Mthethwa lɔ̃ ɖe edzi be yemeɖi fɔ o, eye woɖoe be ʋɔnudrɔ̃ƒea nayi edzi le Masa 8, 2015 dzi.
Ashley Furlong gblɔ be, tso Dzodze 3, 2016 dzi la, wogahe Mthethwa ƒe nyaa ɖe megbe ake. Furlong gblɔ be, "Nusita [wohe] ɖe megbe la nye nu eve—Shona gbegɔmeɖela na Zimbabwe ŋutsu aɖe si woɖo be wòaxɔ nɔƒea la dze dɔ ŋutɔ, eye ehiã be woaƒo agbalẽ siwo ŋu ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe dɔléleŋutinunyala Ðɔkta Linda Liebenberg ate ŋu aƒo nu tsoe la ƒe ‘dɔwɔgbalẽ’ nu ƒu.[7]"
Le Tedoxe 16, 2017 dzi (ƒe 4 kloe le Nokuphila Kumalo wuwu megbe kple ƒe 3 tso esime wodze ʋɔnudɔdrɔ̃a gɔme) la, wobu fɔ Mthethwa be ewu ame. "Le ArtThrob, amesi ka nya ta tso ʋɔnudrɔ̃ƒea me ƒe nya nu la, woɖe asi le Mthethwa ƒe gaxɔmenɔnɔ ŋu. Woatsɔ eƒe tohehea ana le Tedoxe 29, 2017 dzi...Wotsɔ dzidzɔ do go ʋɔnudɔdrɔ̃a, le teƒea kple le hadome nyadzɔdzɔwo dzi. Le ʋɔnudrɔ̃ƒea godo la, ʋiʋlilawo tso Sex Workers Education and Advocacy Taskforce (SWEAT) kple Sonke Gender Justice nɔ azã ɖum le fɔɖiɖi ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃[8].
Le Tedoxe 29, 2017 dzi la, ebia be woaɖe asi le ye ŋu. Jenna Ethridge gblɔ be Mthethwa bia be woaɖe asi le ye ŋu be yeanɔ yeƒe ƒomea gbɔ eye yeawɔ ɖoɖo ɖe yeƒe aɖaŋudɔa ŋu. Eyi edzi gblɔ be, "Mthethwa ŋutɔ di be yeana ye vinyɔnuvi si xɔ ƒe 15 si le England nanya tso eƒe fɔbubua ŋu. E [ɖoe hã] be yeakpɔ eƒe suku kɔkɔ dede kple gakpekpeɖeŋu na ƒe ʋee siwo gbɔna la gbɔ...Ʋɔnudrɔ̃ƒea [atso nya me le Mthethwa ƒe gaxɔmenɔnɔ ŋu le Fiɖa [keke Tedoxe 31, 2017]. Wohe tohehe ŋuti nyaʋiʋliwo ɖe megbe vaseɖe Afɔfie 20.[9], Abe alesi wokpɔ mɔe ene la, Wogbe Mthethwa ƒe mɔɖeɖe le Tedoxe 31, 2017. Wogahe ɖe megbe, tso Afɔfie 20, 2017 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃la Patricia Goliath he Mthethwa ƒe tohehea ɖe megbe vaseɖe Dame 24, 2017 dzi.
Woɖoe be woagadze tohehenyawo gbɔ kpɔkpɔ gɔme le Kuɖa 31 Dame 2017 dzi le ŋdi ga 9 me. Le 7 Masa 2017 dzi la, wotso afia nɛ be wòanɔ gaxɔ me ƒe 18 le esi wòwu Nokuphiwa Kumalo ta[10]. Abe alesi wogblɔe le Daily Maverick me ene la, Western Cape Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Patricia Goliath gblɔ be, "Amesi ŋu wotsɔ nya ɖo ƒe tenɔnɔ abe nutala si ŋu wokafu le dukɔwo dome ene mena be woatso afia tɔxɛ nɛ o.[11]"
Ame ɖekaɖekawo ƒe nu ɖeɖe ɖe go
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- 2009: Zwelethu Mthethwa: New Works, Jack Shainman Gallery, New York
- 2010: Zwelethu Mthethwa, iArt Gallery, Cape Town
- 2010: Zwelethu Mthethwa: Is it our goal…? And Other Related Issues, Circa on Jellicoe, Johannesburg, South Africa
- 2010: Zwelethu Mthethwa: Brick workers & Contemporary Gladiators, Galeria Oliva Arauna, Madrid, Spain
- 2010: Zwelethu Mthethwa: Inner Views, Studio Museum in Harlem, New York
- 2011: New Works, iArt Gallery (now Brundyn + Gonsalves), Cape Town
- 2012: Zwelethu Mthethwa: Sugar Cane (2003–2007), curated by Diego Cortez. John Hope Franklin Center, Duke University, Durham, North Carolina.
- 2012: Zwelethu Mthethwa, curated by Kirsten Hileman, The Baltimore Museum of Art, Maryland
- 2013: Zwelethu Mthethwa: New Works, Jack Shainman Gallery
Etsoƒewo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- ↑ "Artist Zwelethu Mthethwa Sentenced to 18 Years in Prison for Murder". Hyperallergic. 8 June 2017. Retrieved 3 June 2021.
- ↑ "Out of Apartheid". Rochester Institute of Technology. 17 September 2010. Archived from the original on 18 January 2020.
- ↑ Gerhard Haupt; Pat Binder (6 November 2005). "The Experience of Art, Photos – Overview, 51st Venice Biennial 2005". Universes-in-universe.de. Retrieved 1 March 2017.
- ↑ Steinhauer, Jillian (2 January 2014). "Artist Zwelethu Mthethwa's Murder Trial Postponed Amid Protests". HyperAllegenic. Retrieved 13 April 2015.
- ↑ Furlong, Ashleigh. "Psychologist recommends against prison for guilty artist". Mail & Guardian. Retrieved 25 May 2017.
- ↑ "NPA rejects claims of memory loss in Mthethwa case". Retrieved 25 May 2017.
- ↑ Furlong, Ashleigh (3 February 2016). "South Africa: New Delay in Sex Worker Murder Trial". AllAfrica.com. Retrieved 1 March 2017.
- ↑ "Zwelethu Mthethwa Found Guilty of Sex Worker Murder | artnet News". artnet News. 17 March 2017. Retrieved 3 January 2018.
- ↑ Etheridge, Jenna. "Convicted killer, Zwelethu Mthethwa wants bail to sort life out before sentencing". Mail & Guardian. Retrieved 29 March 2017.
- ↑ "Artist sentenced to 18 years in prison for murder of sex worker". Retrieved 8 June 2017.
- ↑ "Artist Zwelethu Mthethwa gets 18 years in jail for brutally kicking sex worker to death | Daily Maverick". Daily Maverick. 7 June 2017. Retrieved 12 June 2017.
Nuxexlẽ bubuwo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- Michael Godby, Zwelethu Mthethwa, Octavio Zaya. Zwelethu Mthethwa, Torino, Marco Noire Editore, 1999. ISBN 88-900202-2-9
- Njami Simon, Lucy Durán. Africa Remix: Contemporary Art of a Continent, Johannesburg, Jacana Media, 2007. ISBN 978-1-77009-363-8
- Zwelethu Mthethwa, Isolde Brielmaier, Okwui Enwezor. Zwelethu Mthethwa, New York, Aperture, 2010. ISBN 978-1-59711-113-3