Zam Zam Abdullahi Abdi
Zam Zam Abdullahi Abdi nye Somalia nyakakadɔwɔla kple amegbetɔ ƒe gomenɔamesi taʋlila le Somalia. Eƒo nu tso nyɔnuwo ƒe gomenɔamesiwo kple ɖeviwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu vevietɔ. Somalia kple Kenya siaa ƒe dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesi le esi.
Eƒe ʋiʋlia ŋu nyawo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Enye Ŋutete Tutuɖo ƒe Dɔwɔla na Nyɔnuwo ƒe Habɔbɔ, kple Afrikatɔwo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Mɔxexe Ðe Ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋuti Kple Ðekematsɔleme Gbɔ ƒe alɔdze si le Somalia ,ƒe Zimenɔla. Zam Zam Abdullahi Abdi bia be woana sukudede nanɔ bɔbɔe na Somalia nyɔnuwo. Edina be yeafia nu wo ahafia woƒe gomenɔamesiwo kple dɔdasiwo wo.
Ameléle sesẽe
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le ƒe 2004 me la, esime wònɔ nyatakakawo dzi kpɔm na Somalia Nyɔnu Nyakakadɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ la, ame aɖewo siwo tsɔ tu lé Zam Zam Abdullahi Abdi eye wosikɛe ɖi tso October 24 va ɖo 25 le Mogadishu,si nye Somalia ƒe fiadu. Exɔe se be wolé ye sesẽe le yeƒe dɔ siwo yéwɔ tsɔ ʋli ɖeviwo ta.
Ʋɔnudɔdrɔ̃
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Le October 2016 me la, Kenya ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ drɔ̃ ʋɔnu Zam Zam Abdullahi Abdi kpe ɖe ehati ʋiʋlila etɔ̃ bubuwo ŋu. Wotso wo nu be woda bɔmb ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe aɖe le Mombasa. Habɔbɔ si nye Cage Africa ye bu fɔ nya sia. Nyateƒee, womeɖe mɔ na nyɔnu ene siwo ŋu nya ku ɖo ƒe senyalawo be woatsɔ kpeɖodziwo ana woatsɔ aʋli nya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la ŋu o.Gawu la, woɖe ama nyɔnu gomenɔamesi ta ʋlila siawo esime wonɔ wo ŋu tsam,esia nye afɔɖoɖo bubu si wodze na la dzi.