Awu si Yorubatɔwo dona tso blema ke le Nigeria, Benin kple Togo ƒe akpa aɖewo le nuto aɖe si woyɔna be Yorubanyigbadzi la me. Awuawo ɖe dekɔnu, ŋutinya kple atsyɔ̃ɖoɖo ƒe didi siwo Yorubatɔwo lɔ̃na la fiana. [1]
Yoruba nyɔnuwo ƒe awudodowo
Yoruba Nyɔnuwo ƒe awuwo ƒe akpa vevitɔwoe nye;
Iro ati Buba: Esia nye awu ʋlaya si wodona ɖe woƒe dzigbe kple avɔ gã si wosana ɖe ali. Woate ŋu atɔ awua tso avɔ ɖeka ma ke si nye dzi kple anyi alo woate ŋu ato vovo tso wo nɔewo kpɔ. Awu sia tɔtɔ ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo kpɔ ku ɖe awua ƒe kɔmeɖeɖe, abɔ ƒe didime, nuŋɔŋlɔ ɖe awu me kple atsyɔ̃ɖonu vovovowo siwo wozã le awu sia tɔtɔme eye wòku nudzɔdzɔ ƒe ɣeyiɣi si me amea le la.
Iro; didime, kekeme, kple nɔnɔme vovovowo, ate ŋu anɔ awu sia si ku ɖe ɣeyiɣi si me edola la le. Woate ŋu awɔ Iro ati Buba tso avɔ vovovowo me, abe Aso-oke/Aso-Ofi, Adire, Aran, Segosen, Jawu, Aso olona, Seda, ka, alo Damask/Brocade. Wotsɔa Iro ati Buba ƒoa taku kple Gele kpakple Ipele zi geɖe. Woate ŋu ado Iro hã Buba manɔmee abe awu ene le eɖokui si, eye Yoruba ƒe awudodo ƒe akpa bubuawo le eme.[-1][-2]
Gele_(bla_ta): nye Yorubatɔwo ƒe dekɔnuwo ƒe tababla si le atsy- ɖoɖo vovowo me. Woate ŋu taku sia tso avɔ dzati alo falɛfalɛwo me abe aso-oke, damask, adire alo akara ene. Amadede, nɔnɔme, kple atsyɔ̃ɖonu vovovowo ate ŋu anɔ taku sia si ̎geleˮ ku ɖe ɣiyiɣi si me amea la nu.[-3]
Ipele: enye taɖedzivɔ si wotsona dana ɖe abɔ alo tana ɖe alidzi nenye be mieta avɔ vɔ. Woate ŋu atsɔ avɔ si wotsɔ wɔ gele alo esi to vovo la hã awɔe faa. Ipele ate ŋu anɔ lolome ɖe sia ɖe me, eŋeŋe ɖe nɔnɔme vovovowo me, kple atyɔ̃e ɖoɖo vovovowo me.[-4].
Komole: Esia nye Esia nye awu ʋlaya didi wotɔna si wotɔ kple iro atis la megbe. Awu sia tɔtɔ ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo kpɔ ku ɖe awua ƒe kɔmeɖeɖe, abɔ ƒe didime, nuŋɔŋlɔ ɖe awu me kple atsyɔ̃ɖonu vovovowo siwo wozã le awu sia tɔtɔme eye wòku nudzɔdzɔ ƒe ɣeyiɣi si me amea le la. Zi ge ɖe la, nyɔnu ŋugbetɔ si ɖem wole lae donε [-5]
Iborun: Esia nye taku alo tablanu
Oleku: Esia nye awu kpui si ƒe didime se klonu si wotɔ kple Iro ati Buba ƒe atsyã alo awudodo. Menye zi ale si Iro ati Buba do awu si bɔ ko o.[6]
Kaja: Kaja si woyɔna hã be Pakaja nye Yorubatɔwo ƒe awu si nyɔnu kple ŋutsuwo sia dona. Wotsoa avɔ sia toana abɔdome eye woblanɛ ɖe abɔta. Yoruba nyɔnuwo donɛ tso yia azãɖuƒe vovovowoe. Ame ŋkutawo kple fiawo zãnε le Yorubatɔwo dome.
Aso Ebi: Awu sia nye awu ɖeka nugbi si ƒometɔwo pkle nɔvinɔviwo dona tso yia azãɖuƒe vovovowoe. Enye awu siwo wodo atsã na eye eme siwo kpena ɖe srɔnyɔnu si ɖem wole la dona. Wozã Komole ƒe akpa aɖewo tsɔ tona awu sia.[-7]
Nu bubu siwo wozãna: Nu bubu siwo Yoruba nyɔnuwo zãna dometɔ aɖewoe nye lãsi si woyɔna zi ge ɖe be "sɔ ƒe asike" si woyɔna le yevugbe me, Handfan kple gakotoku.[-8]
Taɖa alo Ðawɔwɔ ƒe atsyãwo/: Atsyã siwo Yoruba nyunuwo dona na woƒe ɖawo hã la, woate ŋu axlēwo ɖe woƒe nudodowo dome. Yorubatɔwo ƒe atsyã siwo wodona na woƒe ɖa aɖewoe nye ɖaƒoƒo kple ɖababla siwo wowɔna tso blema ke. Wozãa esiawo tsɔ ɖoa atsyɔ̃ na Yoruba nyɔnuwo ƒe taɖa ne womebla taku o. Wozãa Yoruba nyɔnuwo ƒe atsyãɖa siawo le gbe sia gbe gbenɔnɔ me, azãɖuɖuwo kple fefewɔlawo dome. Blema ɖa siwo Yorubatɔwo ƒona la dometɔ aɖewoe nye Suku/Shuku, Koroba, Patewo kple Irun didi, Adimole, kple bubuawo. Wogatsɔa ka alo ɖaƒoka ƒoa ɖae sinye atiɖawo (Iru Owu) si wogayɔna be Irun Kiko.-9 Woagate ŋu atsɔ dzonuwo hã ade ɖa siawo ƒoƒo me faa. Henna; Woyɔnε be Laali le Yoruba gbeme. Yoruba nyunɔ aɖewo sinε ɖe wo ŋutilã ƒe akpe aɖewo abe atsyɔ̃ɖonu ene.-10-11
Léle nye amatsi dzɔ̃ si nyɔnuwo sina ɖe asi kple afɔ hena atsyɔ̃ ɖoɖo na wo ɖokuiwo.
Ŋutsuwo ƒe nudodowo
Agbada: Enye awu si wotsɔ ka vovovowo tso ƒoƒu tso wɔe si Yoruba ŋutsuwo dona. Wodonɛ abe azãɖuwu kple aƒemenɔwu ene.
Pakajah/kaja: Awu sia nye awu si Yoruba ŋutsuwo dona abe ale si wosa avɔ ɖe abɔ dzi.
Fila: Esiawoe nye Yoruba ŋutsuwo ƒe kuku. Wo dometɔ aɖewoe nye Fila Abeti Aja, fila Gobi kple Fila Kufi. Fila abeti Aja nye atsyã siwo me "asi" eve le siwo woate ŋu aʋuʋu, Fila Gobi ƒe akpa aɖe le ɖiɖim esime Fila Kufi tso Islamtɔwo ƒe subɔsubɔha me. Shokoto: Yoruba ŋutsu ƒe dekɔnu atalegbe wu si lolo gã eye kotoku kpe ɖe eŋu. Kembe: atalegbe Gbariye: Awu ƒomevi aɖe si de sɔsɔ abe Agbada ene gake womefɔe nenema o. Danshiki: Yorubatɔwo ƒe awudziwui aɖewoe nye, Opa-12: Ŋusẽ ƒe dzesi si le Yoruba ŋutsuwo ƒe atsyãwuwo me. Ate ŋu anye gakpo, ati alo avɔ. Wolénɛ ɖe asi eye wòle abe atizɔti ene. Yorubatɔwo ƒe dekɔnu dzonu gbogbo aɖewo.
Avɔwo kple awutɔvɔwo alo tsεwo Wotsɔ Yorubatɔwo ƒe avɔ siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple esiwo wotsɔ tso duta vɛ la va zu nu vevi aɖe le Yorubatɔwo ƒe dekɔnu nudodowo me. Avɔ siwo bɔ eye wozãna zi geɖe tsɔ wɔa Yoruba nyɔnuwo ƒe awuwo dometɔ aɖewoe nye:
Aso_oke: Yorubatɔwo ƒe avɔ si wotsɔ asi wɔe. Wode dzesii abe blema vɔ siwo wozãna tsã le Nigeria eye wodonɛ na wɔna tɔxɛwo abe srɔ̃ɖeɖe, azãɖuɖuwo, kple fiaɖoɖo kɔnuwo ene. Aso-Oke xɔ ŋkɔ le Iseyin, si nye du aɖe si le Oyo, gake exɔ ŋkɔ le Yorubanyigbadzi katã. Aso-oke ƒomevi siwo xɔ ŋkɔ wue nye: etu (blɔ goglo si me fli blɔ tsɛwo le), sanya (beige seda tso Anaphe nudzodzoe ƒe cocoons me), kple alaari (magenta gbeɖuɖɔ seda). Aso˗oke ƒomevi bubu aɖewoe nye Ifun alo fu, si nye avɔ blɔ si me kɔ kple ƒudziblɔ si wolɔ̃na ƒe ƒuƒoƒo. Waka, si nye avɔ si wolɔ̃na si ƒe megbe le yibɔ sesẽ si ƒe fliwo nye warp ɖeka alo eve siwo ƒe amadede nye dzĩ. Aso-ipo, iale, aabata, kple aponuponyin. Aso-oke hã va le amadede vovovowo, nɔnɔmewo kple atsyã vovovowo me. Aso-oke aɖewo ƒe aɖabɛwo le wo ŋu eye wo dometɔ aɖewo hã ƒe nɔnɔmewo le wo ŋu.13
Adire_: Yoruba ƒe avɔ si wotsɔ kpetsi tre ɖe eŋu si wotsɔa waxi alo sitatsi dea avɔa ƒe akpa aɖewo hafi dea amae. Woate ŋu atsɔ avɔ vovovowo abe kotoklobo, seda, alo keklẽnu ene awɔ awu siawo. Adire ƒomevi vovovo etɔ̃ esiwo nye: Adire Eleko, Adire Oniko kple Adire Alabere. Nɔnɔme kple amadede vovovowo, ate ŋu anɔ Adire si abe blɔ si míetsɔna dea awu, yibɔ, aŋutiɖiɖi, amadede dzẽ, alo ɣi ene.[14
Aran: Enye avɔ si wotsɔ velvet-nu wɔe eye wònye dekɔnuwu si Yorutɔwo wodona tso blema ke hena wɔna tɔxɛ aɖewo.[: 15
Seghosen:: Yorubatɔwo ƒe awu si tso Owo Fiaɖuƒea si wotsɔ ɖetifufu ƒe avɔ si wotsɔ dzɔdzɔmeƒe amadenu siwo wotsɔ lãgbalẽ wɔe de amae la de amae. Emegbe wotsɔa nɔnɔme kple nɔnɔmetata siwo me kɔ nyui eye wol-nawo kple atsyã alo esiwo dzi woŋlɔ nuwo ɖ0 la ɖoa atsy- na avɔa.16
Jawu: Yorubatɔwo ƒe avɔ aɖe si wol- kple atsyã eye woɖe do ɖe eme.
Aso_Olona Aso olona hã nye avɔ ƒomevi aɖe si wolɔ̃na si ƒe nɔnɔme kple dzesi siwo nye dekɔnu kple gbɔgbɔmenuwo ƒe gɔmesese be ɖo na Yorubatɔwo, vevietɔ Ijebutɔwo ƒe ƒuƒoƒo sia. Aso olona gɔmee nye "dzesi ƒe avɔ" le Yorubagbe me. Wotsɔa awu ɣi kple kotoklobo wɔa avɔa, eye wotsɔa aŋɔ wɔe siwo ɖea tsi, lãwo, numiemiewo, kple nɔnɔmetata bubuwo fiana la ɖoa atsyɔ̃ na wo. Wozãa avɔa sia abe ɖoƒe ƒe ŋkɔ ƒe avɔ ene na Ogboni/Oshugbotɔwo, si nye ŋusē akple adzame habɔbɔ aɖe na amegãwo, nunɔlawo, Yorubatɔwo dome. Fiawo, tr-nunɔlawo, kple ame susueawo ta avɔ sia le wɔna tɔxɛwo me, abe dzidzɔnyagbe, azãɖuɖuwo, kple kɔnuwo wɔ gbe ene. Wodea bubu avɔ sia ŋu elabena wokpɔ abe nu si togbuiawo gblē ɖi tso dzidzime yi dzidzime ene ƒe nu. Wote ŋu ayɔe be atagbe nenye be wodoe de ɖe abɔ dzi.1718
Ankara: Enye kotoklobɔ ƒe avɔ aɖe si dzɔ tso Netherlandtɔwo kple Indonesiatɔwo gbɔ gake exɔ ŋkɔ le Ɣetoɖoƒe Afrika le eƒe amadede vovovowo kple dzesi siwo le eme la ta. Wogayɔa Ankara be Netherlandstɔwo ƒe waksi, Afrikatɔwo ƒe waksi, alo Afrikatɔwo ƒe agbalẽtata. Yoruba ye wowɔ Ankara avɔ. Ankara ate ŋu ata tanya kple dzesi vovovowo ɖe edzi, abe seƒoƒowo, lãwo, ɣletiviwo, alo nɔnɔme siwo me susu mele o ene.
Eya / Lɛsi avɔ sia le abe agbadze, alo wotsɔ ka blae be wòawɔ nɔnɔme kple atsyã nyui aɖe me. Woate ŋu atsɔ nu vovovowo abe kotoklobo, etsε siwo nɔa ɖiɖim, aŋεε, alo avɔ siwo le abe agbalē ene la woe wotso wɔ avɔ sia. Atsyã kple nɔnɔme vovovowo ate ŋu anɔ abe alo avɔ siwo klēna ene.
Brocade kple Damask: avɔ sime wode atyã vovovowo le esime wonɔ elɔ̃m la. Woate ŋu awɔ Brocade kple Damask tso nu vovovowo me abe kotoklobo, etsε siwo ɖiɖina, lãfu, alo avɔ siwo wotsɔ lãgbalẽ wɔe ene me. Amadede kple nɔnɔme vovovowo, abe nukeklē, ats1 siwo me bɔbɔ, alo lãgbalẽ ene la ate ŋu anɔ Brocade kple Damaski si.
Nudodo siwo megale tsia dzi o alo womegazãna o:
Kijipa19 Aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si ga menɔ o la woe zãa avɔ siawo va yi. Avɔ sia le ƒlatsaƒlatse, eye woɖee tso kotoklobo si womezã kpɔ o la me. Wolɔ̃a Kijipa le nutoametɔwo ƒe avɔlɔlɔ̃ nu. Womegale avɔ sia wo zãm le egbe ƒe ŋkeke siawo me o, ke le ɣeyiɣi aɖewo me la, wozãnawo le nɔnɔmetata siwo miekpɔna le mieƒe nukpɔmɔwo dzi le Yorubatɔwo ƒe ŋutinya aɖewo me.
Ibante/bante: Avɔ xoxo aɖe si Yorubagbledelawo zãna.[-20]
Elegheghe: Elegheghe nye Yorubatɔwo ƒe avɔ aɖe si de ŋgɔ wu le Owo fiaɖuƒea eye zi geɖe la, wotsɔnɛ naa amedzro tɔxi aɖewo abe nunana ene. Nɔnɔme evee le avɔ sia si. Woawoe nye; ‘Elegheghe Dudu kple Elegheghe Pupa’.[21][22]
Yoruba nyɔnuwo ƒe awu nudodo menya awudodo ɖeɖe ko o, ke boŋ woɖea amenyenye siwo le wosi la fiane to woƒe nudodowo me. Nudodo siawo ɖea amewo ƒe amenyenye, seselelãme, nu si amewo dina, kple aɖaŋu si le elɔ̃la si la fiana. Nudodo siawo ɖea ɖoƒe si le amewo si le dukɔme, srɔ̃tɔwo ƒe nudodo,subɔsubɔha kple dekɔnumenɔlawo ƒe nudodowo fina.Yoruba nyɔnuwo ƒe nudodo kpɔa ŋusē ɖe woƒe xotutu ŋutinya kple dekɔnuwo dzi le Yorubatɔwo dome.
Aso-oke zazã dze egɔme tso blemaɣeyiɣiwo me le Yorubanyigba dzi, esime Yoruba fiaɖuƒewo abe Oyo, Ife, kple Ijebu dona awu siawo. Adire zazã dze egɔme tso blemaɣeyiɣiwo me ke, esime Yorubatɔwo zãnɛ abe woƒe kɔnuwu kple azãɖuwuwo.23
Yorubatɔwo to mɔ vovovo siwo dzi wotona dea ama woƒe nudodowo abe “shiboriˮ kple “elekoˮ ene.
Wowɔ “Aranˮ le Yorubanyigba dzi le ƒe alafa aɖewoe nye esia.
“Segosen” tso blema Yoruba fiaɖuƒe si nye Owo gbɔ.
“Ankara zazã” dze egɔme tso dutanyigbadziɖuɖu ƒe ɣeyiɣia me ke, esime Netherlandstɔwo ƒe asitsalawo kple mawunyadɔgbedela siwo tsɔe tso Indonesia va Yorubanyigba dzi. Y
orubatɔwo trɔ asi le eŋu wòsɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe didi kple nusiwo wolɔ̃ nu, si wɔe be woɖo nɔnɔme vovovowo kple atsyã tɔxɛwo nɛ.
“Lɛsi” zazã dze egɔme tso blema Yoruba fiaɖuƒe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yevuwo ƒe amedziɖuɖu kple esi woɖu ame dzi ɖu ɣeyiɣia me, esime wotsɔe tso Europu kple Asia si do ŋusē Yorubatɔwo hã be woawɔe esia. Wozãa avɔ siwo tso gbeta kple esiwo le Nutoa me siaa.
Yoruba nyɔnuwo ƒe nudodowo wɔa dɔ ɖe Nigeriatɔwo ƒe dekɔnuwo kple Afrikatɔwo ƒe dekɔnuwo dzi. Nudodo siawo klɔa nu le vovototo, nyakpɔnyakpɔ kple asixɔxɔ si le Yorubatɔwo si la fiana si kaka ɖe Afrikanyigba la katã dzi. Nudodo siawo doa ŋusē eye wowɔa do ɖeaɖaŋudɔwɔwɔ kple nyagblɔmɔnu ƒomevi vovovowo dzi abe hadzidzi, ɣe1u1u, nyadu kple sinimawo. Le kpɔɖeŋu me:
Godoo la, woɖea nudodo siawo fiana le Nigeriatɔwo ƒe sinimawo me, vevietɔ le, Nigeriatɔwo ƒe sinimawɔƒewo. Wozãa nudodo siawo tsɔ ɖea amewo, ƒe nɔnɔme, teƒe tanyawo, kple ha ƒomevi vovovowo fiana le mɔdzakawo me.
Zi geɖe la, Nigeria hadzilawoe doa nuwo, vevietɔ le Afrikatɔwo ƒe hagbewo, si nye Nigeriatɔwo ƒe haƒoƒo ƒomevi aɖe me. Wozãa nudodo siawo tsɔ ɖea seselelãme ƒomevi vovovowo gbedeasi atsyã kple hadzidziwo ƒe hawo fiana.
Wodoa vivi ɖe nudodo siawo ŋu le zi geɖe le Nigeriatɔwo ƒe nyadu agbalẽwo me, vevietɔ le ŋutinyaagbalẽwo, hakpanyawo, kple nyadutsotsowo me. Wozãa nudodo siawo tsɔ ɖɔa nukpɔkpɔ vovovowo, seselelãmewo, amenyenye, kple ŋutinyawo fiana.
Zi geɖe la, Nigeriatɔwo ƒe atsyãwudolawo kpɔa dzidzɔ ɖe awu siawo ƒe ɣeɣeɖego ŋu. Woxɔa nudodo siawo dea eme eye wodoa alɔ atsyãwo, tɔtɔ ɖe gadzi nuwo dede wo nɔewo me, asiwɔwɔ ɖe nya dzi, kple nyagbɔgblɔ vovovowo.
Wotrɔ̃ asi le Yoruba nyɔnuwo ƒe awudodowo ŋu le ƒe alafa aɖewo me, eye woyɔa tɔtrɔ yeye siwo le vavam le awutɔtɔ me, agbenɔmɔnu kple duse dedewo dzi wɔwɔ24.