Wikipedia:Egbe ƒe nuŋɔŋlɔ tatia

Tso Wikipedia

Nuŋɔŋlɔsiawo le dzedzegbe le ŋkeke si wotia nawo la abe tanyawo le axa gbãtɔ dzi.

Afɔfiɛ 25 2024

Afadzato enye to kɔkɔtɔ wu le Ghana dukɔa katã me, togbɔ be eƒe kɔkɔme nye 880m (alo 2900 ft) ko. To sia le Agumatsa toawo, siwo te ɖe Liati Wote kple Gbledi woŋuti la dome le Ghana ƒe Vɔlta nutome. To siawo woyi vaseɖe Ghana kple Togo dukɔa ƒe axadoƒe. Aduadu , si nye toa wodemtɔ ɖeka la ƒe tame kɔ wu Afadzato, gake womebunae abe to kɔkɔtɔwo o elabena enye to kpui le to kɔkɔ bubuwo ta me.

Wogblɔe be Afadzato ƒe ŋkɔ tso Avadzeto me. Gbe alo nutsetsewo siwo le toa dzi fiena ŋui na amewo ŋutɔ, eyata agbledelawo kpakple adelawo si dena toa dzi la yɔnae be "aʋa dze to".

Tagbo tsidzadza si medidi tso Afadzato gbɔ o la, enye nukpɔkpɔ tɔxe, si amedzrowo zɔa mɔ vayi kpɔna. Afadzato le eʋenyigba dzi. Ele amugãnutoa me. To sia ɖena gbe ɣesiayi ne nya sẽse aɖe adzɔ. Ele Hohoe gologuia wome. Agutɔa ɖewo kuɖe toa woŋu goùgoɔ̃, tsitsiawo ƒe susuenye be agutɔsia nye trɔ̃wo si dzɔa toaŋuti.