Viɖe ƒe nukpɔsusu
Viɖe ƒe nukpɔsusu nye xexemenunya ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti nufiafia si ku ɖe nuwɔna ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu . Enye xexemenunya be nuwɔna nyuitɔ kekeakee nye nusi hea dzidzɔ alo viɖe gãtɔ kekeake vɛ na ame gbogbotɔ kekeake.
Woate ŋu akpɔ nukpɔsusua le Hela xexemenunyala Epicurus ƒe nuŋlɔɖiwo me . Togbɔ be wonya viɖekpɔkpɔ tso blema ke hã la, Eŋlisi xexemenunyala Jeremy Bentham kple John Stuart Mill ye ŋlɔ nu tso viɖekpɔkpɔ ŋu koŋ le ɣeyiɣi siwo va yi nyitsɔ laa me. Abe alesi Bentham ŋlɔe ene la, dɔ nyuitɔ kekeakee nye esi nyo na ame geɖe. Le eƒe xexemenunya nu la, amewo katã nɔa ‘aƒetɔ eve’ ƒe subɔsubɔdɔ me, siwo nye dzidzɔ kple nuxaxa. Eyata etsɔe be nu nyui wɔwɔ na amewo fia be woahe dzidzɔ vɛ ahadzii ɖe edzi. Ne nuwɔna ɖeka dze ame ʋɛ aɖewo ŋu, eye bubu do dzidzɔ na ame geɖe la, ekema evelia nyo wu. Alo le afisia hã la, ne nuwɔna ɖeka he dzidzɔ alo viɖe vɛ na ame 10 eye evelia he dzidzɔ alo viɖe vɛ na ame 5 ko la, ekema gbãtɔa nye agbenyuinɔnɔ wu. Bentham ƒe nusrɔ̃la John Stuart Mill tsɔ eƒe ŋkɔ na eƒe xexemenunya le agbalẽ si nye ‘Utilitarianism’ me.