User:Edujih/sandbox
Be naxɔ gbalě be ɖukɔ bubu na si ye atso la, elebe na ŋlɔ̌ ŋkɔ le Germany ŋkɔ ŋlɔ ƒe eye wo ŋkɔ, ɖukɔ yi me nɛ tso, ame agbɔsɔsɔ yi kɛ gbɔ Germany ɖukɔ me tso woa kpa dzi, ŋtsue ne nye alo nyɔnue nɛ nye,kple wo ƒome ŋti nuwo le vevie be woa ŋlɔ wo ada ɖi to mɔ nu bɔbɔe aɖe dzi sikɛ wo ɖe ŋkɔ na be 'Erstverteilung von Asylbewerbern' la me. Le ŋkɔ ŋɔŋlɔ̌ kple nɔviawo vɔ me gbe la, elebe na yi ŋkɔ ŋlɔ ƒea wo dome tɔ ɖeka be woa nawo ɖukɔmevi gbalɛ̌ alo be woa nawo agbalɛ̌ abe amesi ke si Germany ɖukɔa tso. Le Germany ɖukɔ me la, gbalɛ̌ xɔxɔ na ɖukɔa sisitso tso na dɔwoƒe si woɖe ŋkɔ na be 'Federal Agency for Migration and Refugees' si gɔme kpɔe de koe nye be dzidudu dɔwɔƒe si kpɔa amesiwo si Germany dukɔa tso la ƒe nyawo gbɔ.
Germany dukɔ ƒe se gbalɛ tso dukɔa sisitso ŋu gblɔ be:
. Dukɔ sisitso gbalɛ̌ na nye nu sike amea gblɔ alo ŋlɔ to nuƒoƒo me alo nuŋɔŋlɔ̌ me ɖe dukɔ si me wotso la ƒe dzidudu nya hehewo alo Ʋunyǎnyǎ ta loo alo nusita wo dzi be Germany dukɔa na si ye atso eye eme na kɔ nyuie hafi woa xɔ gbalɛ̌ abe Germany dukɔ me vi. ɛsa ku de ɖukɔa ƒe se gbalɛ̌ akpa ɛtɔ̌ lia ƒe kpukpuie gbǎtɔ kple akpa ɛne lia ŋu.
. Germany dukɔa sisitso gbalɛ̌ ɖesiaɖe le be woa ɖedzesi nu sike nye ame si wo sike le wo si tsom la tɔ to xexeame godo ƒe ametakpɔnyawo dzi abe ale si wo le segbalɛ̌a ƒe akpa gbatɔ ƒe kpukpuie gbatɔ̌. ɛvelia gblɔ be, ame si le gbalɛ̌a xɔm la ateŋu adiɖi nu siwo wo le be woa xɔ alo nusiwo anye eƒe dome nyinuwo abe ame si si dukɔ ade tso de xexea me ƒe ametakpɔ nyawo dzi eye elebena woa na woa nya kuxi alo ametsonuwo na susu si ta wo ɖiɖi nu siwo wo le be woa xɔ abe ale si segbalɛ̌a gblɔe le segbalɛ̌a ƒe akpa blave vɔ enɛlia kple ƒe kpukpuie evɛlia.
. Amesiame sike si gbalɛ̌ dedie me le o la, axɔ dukɔmevi gbalɛ̌ sike fia be ele Germany dukɔa sitso le Germany dukɔa ƒe agbo nu, gakɛ nɛ nye be egede dukɔa me gbalɛ̌ manɔsii hǎ la, edze be woa de dzesi eɖokui na ɖɔwɔƒe si gbalɛ nyawo gbɔ enumake alo ana kpovitɔwo na nya be gbalɛ mele ye si o. Esia kuɖe segbalɛa ƒe akpa wuienyilia, wuieasieke kple blavevɔ eve lia ŋu.
Segbalɛa ƒe akpa wuienelia de dzesi ɖoɖowo alo aƒɔɖoƒewo na ɖukɔmevi gbalɛ xɔxɔ. Le ɖoɖoawo vɔme gbe la, woa nawo gbalɛ abe ɖukɔ mevi na ve ɣeyiyi kpui aɖeko.
Segbalɛa gblɔ hǎ be, amesiame si asi Germany ɖukɔa atso la ƒe nyawo le be woa ŋlɔwo adaɖi negbe ɖevi siwo mexɔwu ƒe wuienɛ o. Se gbalɛa hǎ ga gblɔ be, amesiwo wo na gbalɛ̌ xena ɣeyiyi kpui aɖe ko la me kpɔ mɔnu awɔdɔ le ɣleti gbǎtɔ ɛtɔ̌awo me o. Le ɣleti gbǎtɔ ɛtɔ̌ siawo me megbe la, ekpɔ mɔnu axɔ ɖɔwɔwɔgbalɛ tso dzidudu ɖɔwɔƒe sike kpɔa ɖɔwɔwɔ gbalɛ wo ƒe nyawo gbɔ. Ɖe segbalɛa ƒe akpa wuienelia ƒe axa gbǎtɔ ŋu la, ɖoɖowo na gbalɛa xɔxɔ ateŋu atrɔ nenye be edze alo sɔ kple ɖoɖo sike wo yona be 'airport procedures'(Flughafenverfahren' alo yameʋudzeƒe ɖoɖowo si na mɔnu amewo be wɔaxɔ gbalɛ sia hafi ageɖe Germany dukɔa me ne nye wo le yameʋu me. Wowɔ sesiawo kple susu be yameʋudzeƒetɔwo maga le amewo dadi le agbɔsɔsɔ me hena wo ƒe gbalɛ̌wo xɔxɔ o.
Ghanatɔ siwo le Germany.
Gbedegbe nu sɔsrɔ̃wo de fia be ghanatɔ siwo le Germania alo Germany dukɔ me la nye ghanatɔ siwo zɔmɔ yi Germany ƒe aɖewo vayi la ƒe dzidzi meviwo le Germany. Nu me kuku ɖe fia be ghanatɔ siwo le Germany la tsɔ akpa gátɔ na amesiwo zɔmɔ yi yɛvuɖe ƒe akpa yikɛ woyɔna be Europe le United Kingdom me gbe.
Gbedegbe…
Hafi Ghana naxɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1957 me la, kadodo nɔ Ghana kple Germany dukɔa dome. Ghana ƒe akpa yikɛ woyɔna be Amugá nutome alo Volta Region la nɔ Germany te kpeɖe Togo dukɔa ŋu hafi xexeame ƒa gbátɔ le ƒe 1957, Ghanavi dzidzi bla ene vɔ ene kpɔ mɔ nu le ameyibɔ tɔwo ƒe mɔnu kpɔkpɔ le Germany suku kɔkɔ si woyɔna be university la me.
Le ƒe 1960s kple 70s wo me la, Ghanavi geɖe siwo zɔmɔ yi Germany dukɔa me la nye sukuviwo eye wòwɔ habɔbɔ vovowo le Germany dukɔa kple sukuawo me yi ke wɔe be wova zu Ghana sukuviwo ƒe habɔbɔ le Germany dukɔa me (UGSG). [1][2]
Le ƒe 2009 me la, Ghanatɔ siwo le Germany dukɔa me la ƒe xexlẽme nye akpe bla ene (40,000). Le esime wo ƒe xexlẽme sia nye amesiwo ɖe asi gbalé te be yewo me ga nye Ghanatɔwo o la kple wo viwo dzidzi me evelia kple etɔ̃lia wo. Nu ŋɔŋlɔ̃ sia kuɖe Deutsche Gesellschaff fur Technische Zusammennaebeit tɔwo ƒe nu mekuku ŋu.
Ɖevi abe akpe 9,729 nye ɖevi siwo wo dzi le Germany na Ghanatɔ siwo nye srɔ̃tɔwo tso ƒe 1965 vaɖo 2006 me. Eye le ƒe 2007 la, ame akpe 20,329 woe nye Ghanavi dzidzi siwo ŋlɔ ŋkɔ le Germany eye akpe 8,194 zu Germany tɔwo. Ƒiƒiala la, Ghana le kadodo nyuitɔ me kple Germany dukɔa eye Ghana ƒe akpa aɖe le Germany dukɔa me, eyi me ame aɖewo yi ɖe suku ɖeɖe ta eye bubuwo hã be Germany dukɔa na asi yewo atso alo ɖe ƒɔmewo ƒe ɖeka wɔwɔ ta.[5][6]
Mamawo.
Ghanatɔ siwo le Germany dukɔa me la nɔna Germany dukɔa ƒe akpa yikɛ woyɔna be Hamburg, Berlin, kple Bremen, le akpa yikɛ woyɔna be Ruhr nutoame. Eye le akpa yikɛ woyɔna be Frankfurt la Ghanatɔwo xɔ akpa 22.7% ɖe alɔfa dzi. Akpa gãtɔ wo le Hamburg eye agbɔsɔsɔ 23.8% ɖe alɔfa dzi le akpa yikɛ woyɔna be North Rhine-Westphalia. Agbɔsɔsɔ 9.2% ɖe alɔfa dzi le Berlin. Agbɔsɔsɔ 9.8% le Germany dukɔa ƒe akpa yikɛ woyɔna be Hesse eye teƒe sia nye teƒe tsitsi aɖe si ke Ghana tɔwo nɔna ŋutɔ. Ɖe esiata la ŋukɔ sike woyɔna le Ghana be “bɔga” la ɖo tso teƒe siwo yɔ na le Germany dukɔa me la be Humburg [6]
Kadodowo.
Le ƒe 2004 lia ƒe ɣleti ade lia me le, Ghana mɔzɔ gbalé xɔ ƒe le Germany la ɖo Ghana viwo ƒe habɔbɔ gɔme anyi be woa foƒu Ghana viwo katã nu ƒu le Germany dukɔa me. Aƒɔɖeɖe gbãtɔ le ƒe 1996 la me teŋu dze edzi o. Sɔle hawo nye ƒuƒoƒo gãtɔ wo wu le Ghana eye Yesu yome dze la wo nye amesiwo sɔ gbɔ wu Ghana dukɔa me. Ghana Katoliko ha, Bethel ha, kple Presbyteria hame nye sɔle hã gá wo le Germany dukɔa me.[6]
Nudodo da aƒe alo ga dodo da aƒe.
Ghana dukɔa nye dukɔ si le nɔƒe gbãtɔ le nuxɔxɔ alo ga xɔxɔ me tso wo ɖeviwo gbɔ tso dukɔ bubuwo me. Ghana le nɔƒe ɖeka de ade dzi le wɔna siawo me. Le nugɔmeɖeɖe me alo nu me kuku ɖe fia be ghanavi dzidzi 90% ɖo na ga ɖa Ghana na woƒe ƒome tɔwo eye ɖewo hã ɖo na ga ɖa wu woƒe fetu kora gɔhá.
Ɖekɔnu.
Tso ƒe 1970 wo me vaseɖe 1980s wo me la, hadzidzi aɖe ƒomevi va dzeɖe go si wo yɔ na le Germany kple Ghana be Burger Highlife kple funk hadzidzi atsá mɔnuwo. Ghanavi zɔmɔ yi Germany woe tɔ atsá mɔnu siawo vee.[8]
Agbenɔnɔ le Germany.
Ghanavi siwo le mɔkpɔm be yewo aɖe suku le Germany la mateŋu azã ɖaseɖigbalɛ si woyɔna be WASSCE abe alesi wò le le Ghana la ene o. Le susu sia ta elebe na ɖe suku kɔkɔ aɖe le Ghana ƒe ɖeka alo awu suku kɔkɔ aɖe nu le Ghana alo aɖe suku kɔkɔ aɖe le Germany ƒe ɖeka atsɔ awɔ dzadzra ɖo hafi ateŋu akpɔ mɔnu le Germany suku kɔkɔ wo dometɔ aɖe me abe Ghanavi. Eye ɖaseɖigbalɛ si woyɔna be HND la ƒe nusrɔsrɔ̃ tutu ɖe dzi mɔnuwo me le Germany o eyata suku nusɔsrɔ siwo anawo ɖaseɖigbalɛ si woyɔna be Batselɔ la ƒe nuwo kɔ ateŋu akpɔ mɔnu asrɔ̃.[9]
Agbenɔnɔ le germany ƒe akpa bubuwo.
Ghanatɔ siwo zɔ mɔ yi Germany abe ɖukɔ bubu me tɔwo la le be woa nɔ amedzro dzeƒe na ɣeyiyi kpui aɖe ko alo aƒle aƒe alo ahayi aƒe anɔme na xeyiyi ɖiɖi aɖe.[10] Ame aɖewo koe kpɔ mɔnu asrɔ̃ Germany gbe gbɔgblɔ eye amesiawo ƒe ɖe woe nye nesiwo kple amesiwo kpɔa lamesɛ nyawo gbɔ.[11] Ghanavi siwo kpɔ mɔnu dze woawo ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ wo gɔme abe ame bubu ɖesiaɖe ene la, le be woa ŋlɔ ŋkɔ le teƒe si wo kpɔna asitsa nyawo gbɔ le ne nye be wo le woawo ŋutɔ ƒe asinu ɖɔwowɔ.[12]
Edzɔtsoƒe