Jump to content

The Sustainable Development Goals (SDGs) in Ghana

Tso Wikipedia

Ŋgɔyiyi si Li Eteƒe Didi ƒe Taɖodzinuwo (SDGs), si woyɔna hã be Xexeame Katã ƒe Taɖodzinuwo, nye xexeame katã ƒe yɔyɔ be woawɔ nu be woaɖe ahedada ɖa, akpɔ ɣletinyigba la ta eye woakpɔ egbɔ be amewo katã nakpɔ ŋutifafa kple nudzedziname le ƒe 2030. Dukɔ 193, siwo dome Ghana hã le, da asi ɖe edzi, eye woƒe taɖodzinue nye be woado ganyawo ƒe ŋgɔyiyi ɖe ŋgɔ, akpɔ egbɔ be hadomenuwɔnawo katã le eme eye woakpɔ nutome ta. [1]

SDGs wo dedziƒo na Dziduduwo be habɔbɔ na nɔ wo dome, ame ŋutɔwo akpa, numekuku, agbalẽnya nyawo kple Dukɔmeviwo ƒeHabɔbɔwo (CSOs) – kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe kpekpeɖeŋu. Habɔbɔ sia kpɔa egbɔ be wowɔ tiatia nyuitɔwo fifia be woana agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi, le mɔ si anɔ anyi ɖaa nu, na dzidzime siwo gbɔna.[1]

Tanya atɔ̃ siwo ƒo xlãe le ɖoɖowɔɖi 2030 me, siwo woyɔna le iŋlisi gbeme be P atɔ̃awo: amewo, ɣletinyigba, nudzedziname, ŋutifafa kple hadomenuwɔnawo, siwo keke ta le SDG 17 la wo katã me. Wowɔa avu kple wo nɔewo nusiwo gbɔ ahedada tsona siwo ku ɖe nuto aɖewo abe dɔwuame, lãmesẽ, sukudede, ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe tasɔsɔ, tsi & dzadzɛnyenye, ŋusẽ, ganyawo ƒe ŋgɔyiyi, dɔwɔƒewo, nu yeyewo dodo ɖe ŋgɔ & xɔtuɖaŋuwo, tasɔsɔmasɔ, dugãwo & nutoawo, nuzazã & nuwɔwɔ, yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ, dzɔdzɔmenunɔamesiwo, kple ŋutifafa & dzɔdzɔenyenye.[2]

SDG-awo menye taɖodzinu siwo le wo ɖokui si o. Wo katã wodo ƒome kple wo nɔewo. Dɔwɔwɔ be taɖodzinu ɖeka gbɔ ɖoɖo kplɔa ame yia bubu gbɔ ɖoɖo me. Ele be woabu wo be wonye kakɛ siwo hiã vevie le aɖaŋunu gã aɖe si gɔme sese sesẽ me.

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ɖoɖoa do alɔ Ghana le eƒe ŋgɔyiyi ƒe nu vevitɔwo ɖom ɖe ɖoɖo nu le nuwɔwɔ aduadu kple CSOwo kple dɔwɔƒe siwo menye dziɖuɖu tɔ o le SDGs la gbɔ ɖoɖo ɖekae me. Míawɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo dzi: amewo katã ƒe agbenɔnɔ anɔ nenema woganyo ɖe edzi ŋutɔ eye míaƒe xexeame atrɔ wòanyo wu.

Agbalẽ sia gblɔ nusita wòle be taɖodzinuawo dometɔ ɖesiaɖe nanɔ vevie na mí kple nuyio ke míate ŋu awɔ, abe ame ɖekaɖekawo ene, be míakpe asi ɖe woƒe dɔwɔwɔ dzidzedzetɔe ŋu le Ghana kple be woakpɔ egbɔ be womegblẽ ame aɖeke ɖe megbe o.

01 - AHEDADA MANƆANYI

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Ghana nye dukɔ gbãtɔ le Sub Sahara Afrika aɖe ahedada dzi akpɔtɔ afã, eye wòto esia me do go Ƒe Akpe Ðeka la Ŋgɔyiyi ƒe Taɖodzinu gbãtɔ. Ke hã, ahedada goglo gakpɔtɔ le kɔƒenuto akpa gãtɔwo me, vevietɔ le dziehe nuto etɔ̃awo me. Le dugãwo me, afisi ahedada dzɔna le kpɔ ɖiɖi gã aɖe gɔhã woade dzesi vovototo gãwo kple tasɔsɔmasɔwo.[2]

Ahedada le akpa geɖe wo me gake nusiwo gbɔ wòtso dometɔ aɖewoe nye sukudede ƒe anyimanɔmanɔ, dɔwɔwɔ ƒe kutsetse gakpɔkpɔ sue, hadomenuwɔna vovototodedeameme, kple alesi woate ŋu adze afɔku bɔbɔe ŋutɔame ha aɖewo na afɔkuwo kple dɔlélewo.

Ahedada gblẽa nu le ame ŋu, eye ne womewɔ naneke woatsɔ aɖu ahedada dzi o la, míayi edzi anɔ fu kpem le ŋusẽ si wòkpɔ ɖe ganyawo kple dzidziɖedzi kple hadome ɖekawɔwɔ dzi, dunyahehe kple hame masɔmasɔwo kple, eme ɖe nɔnɔmewo, kemalimali kple masɔmasɔwo.

Ale si míate ŋu akpe asi ɖe eŋu

  • Ele be nyɔnuwo kple sɔhɛwo nakpɔ anyigba sɔsɔe abe alesi ŋutsuwo kpɔe, be woate ŋu akpɔ ga, le kpɔɖeŋu me, to agbledede me.
  • Sɔhɛwo ate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ atsɔ srɔ aɖaŋu aɖe, anɔ suku alo àde ga si nèdzra ɖo ɖe asitsatsa dɔ me, kple ɖoɖowɔlawo, nutoawo kple ƒomewo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu be mɔnukpɔkpɔ mawo nasu sɔhɛ sia sɔhɛ nu. Kakaɖedzi nana be sukudede nasu amewo si egbea akpe ɖe sɔhɛwo kple woƒe nutoawo me ŋu le etsɔ si gbɔna me.
  • Ne mɔnukpɔkpɔ su sɔhɛwo si be woakpɔ gome le ɖoɖowo wɔwɔ me la woate ŋu akpɔ egbɔ be wodo yewoƒe gomenɔamesiwo ɖe ŋgɔ eye be woƒe susu yeyewo kpena ɖe agbenɔnɔ tɔtrɔ kple nutoawo ƒe nɔnɔme tɔtrɔ.
  • Ðoɖowɔlawo ate ŋu akpe asi ɖe eŋu be woawɔ nɔnɔme si ana woate ŋu awɔ dɔ nyuie be woakpɔ dɔwɔɖui kple dɔwɔɖui si tsea ku mɔnukpɔkpɔwo na ame dahewo kple amesiwo woɖe ɖe aga. Aɖaŋu siwo woɖo nyuie kple ganyawo kple hadomenyawo ametakpɔkpɔ ŋuti ɖoɖowo hã ate ŋu aʋã dzidziɖedzi si akpe ɖe ame dahewo ŋu eye woaɖe ahedada dzi akpɔtɔ.
  • Dɔwɔƒe siwo menye dziɖuɖu tɔ o ate ŋu awɔ akpa aɖe le ganyawo toto vɛ na
  • Mɔnukpɔkpɔwo nana ame dahewo to susu tsɔtsɔ ɖe ganya ƒe akpa aɖewo ŋu si me ame dahe akpa gãtɔ le dɔ dzi le, si nye dɔwɔƒe suewo kple esiwo gasuewo kpakple esiwo le dɔ wɔm le dɔwɔƒe si womeɖo le ɖoɖo nu o.
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya naa gɔmeɖoanyi na nu yeyewo kple mɔnu siwo li tegbee, egbɔkpɔnuwo kple mɔɖaŋununya siwo woatsɔ akpɔ kuxi siwo le ahedada dzi ɖeɖe kpɔtɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ ƒe ŋgɔyiyi si li tegbee. Le kpɔɖeŋu me, ena be woate ŋu akpɔ tsi nyui ano, ku siwo vana to dɔléle siwo tsi hena vɛ la dzi ɖekpɔtɔ kple, kple dzadzɛnyenye si nyo wu be woaɖe lãmesẽkuxi siwo do ƒome kple si mele dedie o nono dzi kpɔtɔ kple dzadzɛnyenye ƒe anyimanɔmanɔ.


  1. 1 2 https://sustainabledevelopment.un.org/content/documents/23420Ghanas_VNR_report_Final.pdf
  2. 1 2 https://www.local2030.org/library/251/From-MDGs-to-SDGs-What-are-the-Sustainable-Development-Goals.pdf