Sut Jhally ƒe nya
Sut Jhally, si wodzi le May ɣleti 29, 1955. Eƒe dukɔ nye Kenya la, nye sinimawɔla kple amehawo ƒe kadodomɔnufialagã .
Agbemeŋutinya
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Sut Jhally tsi le England . Ewu eƒe suku kɔkɔ dede nu le York Yunivɛsiti emegbe eʋuna yia Canada esi wòxɔ ɖaseɖigbalẽ le Victoria Yunivɛsiti vɔ megbe . Eyi eƒe nusɔsrɔ̃ dzi le Simon Fraser Yunivɛsiti, afisi wòxɔ eƒe Ph.D. .[1]
Le video aɖe si wòɖe le ƒe 2004 me si ƒe tanyae nye Peace, Propaganda & the Promised Land , me la, edzea agbagba be yeaɖo ŋusẽkpɔɖeamedzi anyi si Israel ƒe nyatakaka gbegblẽwo kple dutoƒo kadodowo kpɔ ɖe Amerikatɔwo ƒe dutoƒonukpɔsusu dzi ku ɖe Israel kple Palestina dome dzrewɔwɔa ŋu .
Le ƒe 2004 ƒe video si nye Hijacking Catastrophe me la, eʋli nya be " aʋawɔwɔ ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ ŋu " si United States dziɖuɖumegãwo zã abe taflatsedodo ene tsɔ gblɔ asrafowo ƒe ŋusẽ le xexeame godoo."
Le eƒe video si wòwɔ le ƒe 2006 me si nye Reel Bad Arabs me la, edzro alesi woƒoa ɖi Arabtɔwo le Amerika sinimawo me si wotu ɖe Jack Shaheen ƒe agbalẽ si nye Reel Bad Arabs si wòŋlɔ le ƒe 2001 me dzi .
Sinimawo ƒe nɔnɔmetatawo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]- Ƒe 2006 me : Hollywood kple Arabtɔwo<span typeof="mw:DisplaySpace" id="mwMA"> </span>: Alesi Hollywood doa vlo dukɔ aɖe ( Reel Bad Arabs: Alesi Hollywood Do vlo Amewo )