Sitsoƒedzidzi le Germany

Tso Wikipedia

Gomekpɔkpɔ na sitsoƒe kude amesiwo kpefu le duta ʋliʋli ƒe wɔna wo me nye gomekpɔkpɔ tɔxɛ ade si dzi kpedodo le le Germany ƒe dukplɔ se me. Enya sia ŋti bubu fia be dukplɔ gbalěa de dzesi gɔmesese si ke 1951 Refugee Convention na kuɖe sitsoƒe ŋu be edua manyǎ sitsoƒedzilawo o ke boŋ woa kpɔ wo ta le esea te. Takpɔkpɔ sia le veviě na Federal Office For Migration and Refugees (Bundesamt für Migration und Flüchtlinge, 'BAMF') fukpekpe adeke manɔ mee.[1]

Initial reception center and housing for refugees in Freiburg, Germany

Le ƒe 1993 kple 2015, wo wɔ tɔtrɔ yeyewo le agbale sike de megbe na sitsoƒe ƒe gomekpɔkpɔ ŋu. le enya sia wo nkume kude sitsofe dzilawo ƒe kuxiwo nu le ƒe 2015 ƒe akpa evelia me.

Germany Ɖukɔ mevi gbalɛ̌ xɔxɔ mɔnuwo be ɖukɔa na si ye atso[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Bena naxɔ gbalě be ɖukɔ bubu na si ye atso la, elebe na ŋlɔ̌ ŋkɔ le Germany ŋkɔ ŋlɔ ƒe eye wo ŋkɔ, (Section 22 AsvIVfG)ɖukɔ yi me nɛ tso, ame agbɔsɔsɔ yi kɛ gbɔ Germany ɖukɔ me tso woa kpa dzi, ŋtsue ne nye alo nyɔnue nɛ nye,kple wo ƒome ŋti nuwo le vevie be woa ŋlɔ wo ada ɖi to mɔ nu bɔbɔe aɖe dzi sikɛ wo ɖe ŋkɔ na be 'Erstverteilung von Asylbewerbern' la me. Le ŋkɔ ŋɔŋlɔ̌ kple nɔviawo vɔ me gbe la, elebe na yi ŋkɔ ŋlɔ ƒea wo dome tɔ ɖeka be woa nawo ɖukɔmevi gbalɛ̌ alo be woa nawo agbalɛ̌ abe amesi ke si Germany ɖukɔa tso. Le Germany ɖukɔ me la, gbalɛ̌ xɔxɔ na ɖukɔa sisitso tso na dɔwoƒe si woɖe ŋkɔ na be 'Federal Agency for Migration and Refugees' si gɔme kpɔe de koe nye be dzidudu dɔwɔƒe si kpɔa amesiwo si Germany dukɔa tso la ƒe nyawo gbɔ.

Germany dukɔ ƒe se gbalɛ tso dukɔa sitsitso ŋu gblɔ be:

  1. Dukɔ sisitso gbalɛ̌ na nye nu sike amea gblɔ alo ŋlɔ to nuƒoƒo me alo nuŋɔŋlɔ̌ me ɖe dukɔ si me wotso la ƒe dziɖuɖu nya hɛh~3wo alo Ʋunyǎnyǎ ta loo alo nu sita wo dzi be Germany dukɔa na si ye atso eye eme hǎ na kɔ nyuie hafi woa xɔ gbalɛ̌ abe Germany dukɔ me vi. ɛsa ku de ɖukɔa ƒe se gbalɛ̌ akpa ɛtɔ̌ lia ƒe kpukpuie gbǎtɔ kple akpa ɛne lia ŋu. (Section 3(1) and (Section 4(1) ).
  2. Germany dukɔa sitsitso gbalɛ̌ ɖesiaɖe le be woa ɖedzesi nu sike nye ame si wo sike le wo si tsom la tɔ to xexeame godo ƒe ametakpɔnyawo dzi abe ale si wo le segbalɛ̌a ƒe akpa gbatɔ ƒe kpukpuie gbatɔ̌. ɛvelia gblɔ be, ame si le gbalɛ̌a xɔm la ateŋu adiɖi nu siwo wo le be woa xɔ alo nusiwo anye eƒe dome nyinuwo abe ame si si dukɔ ade tso de ɣexea me ƒe ametakpɔ nyawo dzi eye elebena woa na woa nya kuxi alo ametsonuwo na susu si ta wo ɖiɖi nu si wo wo le be woa xɔ abe ale si segbalɛ̌a gblɔe le segbalɛ̌a ƒe akpa blave vɔ enɛlia kple ƒe kpukpuie evɛlia. (section(1)no.2 and Section 24(2)
  3. Amesiame sike si gbalɛ̌ dedie me le o la, axɔ dukɔmevi gbalɛ̌ sike fia be ele Germany dukɔa sitso le Germany dukɔa ƒe agbo nu, gakɛ nɛ nye be egede dukɔa me gbalɛ̌ manɔsii hǎ la, edze be woa de dzesi eɖokui na ɖɔwɔƒe si gbalɛ nyawo gbɔ enumake alo ana kpovitɔwo na nya be gbalɛ mele ye si o. Esia kuɖe segbalɛa ƒe akpa wuienyilia, wuieasieke kple blavevɔ eve lia ŋu.(section 18)(section 19)and (section 22).

Segbalɛa ƒe akpa wuienelia (section 14 AsvIVfG) de dze si ɖoɖowo alo aƒɔɖoƒewo na ɖukɔmevi gbalɛ xɔxɔ. Le ɖoɖoawo vɔme gbe la, woa nawo gbalɛ abe ɖukɔ mevi na ve ɣeyiyi kpui aɖeko.

Segbalɛa gblɔ hǎ be, amesiame si asi Germany ɖukɔa atso la ƒe nyawo le be woa ŋlɔwo adaɖi negbe ɖevi siwo mexɔwu ƒe wuienɛ o. Se gbalɛa hǎ ga gblɔ be,(section 16 AsvIVfG) ame siwo wo na gbalɛ̌ xena ɣeyiyi kpui aɖe ko la me kpɔ mɔnu awɔdɔ le ɣleti gbǎtɔ ɛtɔ̌awo me o. Le ɣleti gbǎtɔ ɛtɔ̌ siawo me megbe la, ekpɔ mɔnu axɔ ɖɔwɔwɔgbalɛ tso dzidudu ɖɔwɔƒe sike kpɔa ɖɔwɔwɔ gbalɛ wo ƒe nyawo gbɔ. Ɖe segbalɛa ƒe akpa (section 14a) wuie nelia ƒe axa gbǎtɔ ŋu la, ɖoɖowo na gbalɛa xɔxɔ ateŋu atrɔ nenye be edze alo sɔ kple ɖoɖo sike wo yona be 'airport procedures'(Flughafenverfahren' alo yameʋudzeƒe ɖoɖowo si na mɔnu amewo be wɔaxɔ gbalɛ sia hafi ageɖe Germany dukɔa me ne nye wo le yameʋu me. Wowɔ sesiawo kple susu be yameʋudzeƒetɔwo maga le amewo dadi le agbɔsɔsɔ me hena wo ƒe gbalɛ̌wo xɔxɔ o.

Dɔwɔwɔ le Agbaleawo ŋti[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

"Federal Office for Migration and Refugees" yae nye dziɖuɖu ƒe alɔdzui si kpɔna agbale wɔwɔ na sttsoƒedzidzi.[2][3]

Kuɖe axa 10 le Sitsƒedzidzi ƒe dodowo ƒe se (AsylG or AsylVfG,) nu la, edze na sitsoƒedzilawo be woa na dziɖuɖu ƒe dɔwɔƒe si kpɔna woƒe nyawodzila tɔtrɔ ɖe sia ɖe kuɖe wo ƒe nɔƒe nu, megbetsitsi ma nɔme tɔe, le woƒe sitsoƒedzidzi ŋkeke wo kata me le Germany; esia ha awɔ dɔ ɖe ʋuʋu alo nɔƒe ƒe tɔtrɔ ɖesiaɖe si dziɖuɖu ƒe ɖɔwɔƒea awɔ le eɖokuisi ha nu.

Doƒe vevitɔ le sitsoƒe xɔxɔ ƒe ɖoɖowo mee nye, nyasese le mɔzɔzɔ ƒe dɔwɔƒea.[4]

Le ƒe 2015 me la, le titina xexleme ŋu la, agbale na sitsoƒedidi xɔ abe dzinu atɔ̃ kple kɔsiɖa aɖewo ene, abe alesi dziɖuɖu ɖɔwɔƒe si kpɔa nyasiawo dzi la ŋlɔe ne. Gake, nuteƒekpɔlawogawo, xɔe de eme be ɣeyiyi ƒe didime kɔ wu esia eye woanɔ abe ƒe ɖeka lɔfo ene.

Wo na mie nya be, vovototo le xexleme siawo me kuɖe alesi BAMF didina agbale xɔxɔ ƒe didime tso na ŋkeke si dzi sitsoƒedzilawo xɔna agbale le dziɖuɖu ƒe alɔ si kpɔna nyasiawo dzi la gbɔ; esia ate ŋu anye dzinu aɖewo megbe tso esime wo geɖe dukɔame.

Yiɖedzia, dɔwɔƒea wɔna dɔ tso gbale siwo ŋti dɔwɔwɔ le bɔbɔe wu kaba, eye wotsɔna wo dade ŋgɔ na gbale geɖe siwo ƒe xexleme anɔ abe 254,000 siwo ŋti wo me wɔ dɔ le hade o.[5]

Kpɔɖeŋu lɛta si me ɖe mɔ na sitsoƒe xɔxɔ o

Etsoƒewo[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

  1. An overview of the history of asylum in Germany
  2. BAMF office in Bremen allowed at least two extremists to enter Germany
  3. Bremen migration officer investigated for allegedly granting asylum in exchange for bribes
  4. "Das behördliche asylrechtliche Verfahren" (PDF). Archived from the original (PDF) on 5 November 2014. Retrieved 2013-04-30.  Unknown parameter |df= ignored (help); Unknown parameter |url-status= ignored (help)
  5. Marcel Leubecher: So wird die Dauer von Asylverfahren verschleiert. In: Die Welt, 25. August 2015.