Rockson-Nelson Dafeamekpor
Rockson-Nelson Etse Kwami Dafeamekpor nye Ghana dunyahela eye wònye Sewɔtakpekpemenɔla si le South Dayi nutome si le Amugã Nutome teƒe . Enye National Democratic Congress[1] dunyahehamenɔla. Enye dukɔ ƒe sewɔtakpekpenɔla le adrelia kple enyilia le Republika[2] enelia me.
Agbegɔmedzeʄe kple Sukudede
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Dafeamekpor xɔ B.Sc. ɖaseɖigbalẽ le tsaɖiɖi me le Cape Coast Yunivɛsiti. Ewu LL hã nu. B. kple LLM le Ghana Yunivɛsiti.[3] Eyi Ghana Senyalawo ƒe Yunivԑsiti afisi wòkpɔ dzidzedze abe Senyalagã ene.[1] Ede Anlo Seniɔ Sekondri Suku, Anlogã hena eƒe GCE Ordinary Level [4]eye emegbe eyi Mawuli sukul le Ho, hena eƒe GCE Advanced Level.[5] Exɔ Ðaseɖigbalẽ Deŋgɔ le gbeta dukɔme Senyalawo ʄe suku le Georgetown Yunivɛsiti, Washington DC.[6]
Dɔwɔwɔ
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Hafi Dafeamekpor nazu Sewɔtakpekpemenɔla la, enye Dɔwhɔati Gãtɔ na Hayibor Djarbeng kple dɔwɔʄe[2] si kpɔa senyawo gbɔ le Kokomlemle si nye Gɛ̃[1] ʄe tokɔdu aɖe.
Dunyahehenyawo
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Ƒe 2016 ʄe Dutoʄokɔdadanyawo
Ege ɖe sewɔtakpekpe me zi gbãtɔ le ƒe 2016 leGhana ƒe dutoƒotiatia megbe afisi wòxɔ zikpui la kple amexexlẽme 71.44% le akɔdadawo metsonu nu. Esia na wòxɔ ame akpa gãtɔ enyi ɖe alafa dzi.[7][8][9]]
Ƒe 2020 ƒe Dutoʄokɔdadanyawo
Le ƒe 2020 ƒe dutoƒotiatiawɔɣi la, elé eƒe zikpui la me ɖe asi kple ame akpa gãtɔ si dzi ɖe kpɔtɔ 1.26%, esi wòɖu dzi kple 72.7% le akɔdadawo metsonu nu.[10][11] Ewɔ dɔ le Dukɔa ƒe Akɔntabubu kɔmiti, Sedede Ðoɖowo ƒe kɔmiti kple sewɔtakpekpea ƒe Dukplɔse, Se kple Sewɔtakpekpe ƒe Nyawo ƒe kɔmiti me.[12]
Ƒe 2024 ƒe Dutoʄokɔdadanyawo
Le ƒe 2024 ƒe dutoƒotiatiaɣi me la, elé eƒe zikpui la me ɖe asi kple ame akpa gãtɔ ƒe dzidziɖedzi si nye 7.54% esi wòɖu dzi le 80.24% le akɔdada bliboa katã me.[13][14][15] Fifia ele dɔ wɔm abe hamevi ene le Ameɖoɖowo ƒe kɔmiti, Asitsanyawo ƒe kɔmiti, Tiatiawɔha, Mɔwo kple Mɔnuwo ƒe kɔmiti, kɔmiti tɔxɛ (Winnowing) eye wònye Zimenɔla na Sewɔtakpekpeame ƒe kɔmiti.[16]
Eya ŋutɔ ʄe agbenɔnɔ
[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]Dafeamekpor nye Kristotɔ eye wòɖe Ebi Bright, Tema ƒe Mɔmefiagã, eye vi ene le esi.[1][17]
- 1 2 3 4 https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor#cite_note-ghanamps-1
- 1 2 https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor#cite_note-ghanamps-1https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekporhttps://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor#cite_ref-10
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor
- ↑ https://web.archive.org/web/20190314234825/https://www.parliament.gh/mps?mp=88
- ↑ https://web.archive.org/web/20251014113427/https://www.ghanaweb.com/elections/2024/parliamentary-regional-results/Volta-Region-8
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor#cite_note-ecg2016results-7:~:text=Online%2C%20Peace%20FM.%20%22South%20Dayi%20Constituency%20Parliament%20Results%20%2D%20Ghana%202024%20Election%20Results%22.%20Peacefmonline.com%20%2D%20Ghana%20news.%20Retrieved%2018%20June%202026
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor#cite_note-15
- ↑ https://en.wikipedia.org/wiki/Rockson-Nelson_Dafeamekpor#cite_note-14:~:text=Parliament%2C%20of%20Ghana.%20%22Parliament%20Members%22.%20Parliament%20of%20Ghana.%20Retrieved%2018%20June%202026.
- ↑ https://web.archive.org/web/20190314234825/https://www.parliament.gh/mps?mp=88