Jump to content

Rikki Wemega-Kwawu

Tso Wikipedia
Rikki Wemega-Kwawu
ame
Sex or gendermale Trɔ asi le eŋu
Country of citizenshipGhana Trɔ asi le eŋu
Date of birth3 Dzodze 1959 Trɔ asi le eŋu
Place of birthSekondi-Takoradi Trɔ asi le eŋu
Languages spoken, written or signedEŋlisigbe Trɔ asi le eŋu
Occupationpainter Trɔ asi le eŋu
Copyright status as a creatorworks protected by copyrights Trɔ asi le eŋu
Personal pronounL485 Trɔ asi le eŋu

Rikki Wemega-Kwawu nye egbegbe Ghanatɔ nutala, si wodzi le Dzodze 3, 1959 dzi, le Sekondi dugã me, Ghana. Enye nutala tso ƒe 1981 me ke, zi geɖe la efia nu eɖokui , togbɔ be enye 'Skowhegan school of painting and sculpture' Suku ƒe sukuvi xoxo aɖe si le Skowhegan, Maine hã. Ekpɔ gome le hatsotso geɖe ƒe ɖeɖefia me eye woate ŋu akpɔ eƒe dɔa le xexeame godoo le ame ŋutɔ kple dutoƒo nudzraɖoƒewo, siwo dome Netherlandtɔwo ƒe Artotheek hã le. [1]

Rikki Wemega-Kwawu, le eya ŋutɔ ƒe nya nu la, "nutala si ɖea nu vovovowo fiana le nyati siwo nye nɔnɔmetatawo kple susumenukpɔkpɔwo ɖikeke aɖeke manɔ mee." Woate ŋu akpɔ nya aɖe si nutala la ŋlɔ le godoƒe na Afrikatɔwo ƒe nyatakakadzraɖoƒe, siwo nye eteƒenɔla siwo le ɣetoɖoƒe ƒuto.

Wemega-Kwawu ƒe dɔa ƒe dzesidenue nye nusiwo dzɔ va yi kple esiwo li fifia ƒe ƒuƒoƒo. Etsɔ blema Afrikatɔwo ƒe dzesi geɖewo de eƒe nutata gãwo me. Egblɔ be: "Esi mele blema Afrikatɔwo ƒe subɔsubɔ ŋuti nɔnɔmetata aɖewo hem ɖe go la, meɖoe be mawɔ nye dɔ le gbɔgbɔmeɖoanyi aɖe kple gbɔgbɔme sidzedze ƒe kpɔɖeŋu ɖeɖefia me be yeagbugbɔ ŋusẽsi le Afrikatɔwo ƒe dekɔnu nutatawo ŋu axɔ."[1]

Wogayɔnɛ be "nukpɔsusuŋutinunyala" eye wòdoa nyadzɔdzɔgblɔmɔnu vovovowo zazã ɖe ŋgɔ le nukpɔkpɔ ƒe aɖaŋudɔwo me. Eƒe dɔwo dometɔ aɖewoe nye esiwo ƒo nu tso ŋusẽ si le xexeame katã ƒe nuwo ƒe ɖekawɔwɔ kple Afrikatɔ siwo le duta kpena ɖe Afrikatɔwo ƒe aɖaŋudɔwo dzi ŋu.

Eƒe nutata Ashanti Saga nɔ ɖeɖefia si nye "Artists Speak" me le San Diego Museum of Man, si woɖe fia tso Dame  2007 va se ɖe Dzodze 28, 2008.

Wemega-Kwawu hã ŋlɔ nu tso dekɔnuwo ƒe dunyahehe ƒe  ŋusē le egbegbe Afrikatɔwo ƒe aɖaŋudɔwo me dzodzro me.[2]

  1. 1 2 "Archive copy". Archived from the original on 2014-11-27. Retrieved 2025-05-24.
  2. http://www.mtls.ca/issue13/writings/essay/rikki-wemega-kwawu/